Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose II 3

3
Mawu yɔ Mose
1Mose nɔ toa Yetro#3.1: Kpɔ Ta evelia ƒe kpukpui 18 lia kple eŋunyamekɔkɔ si nye Midiantɔwo ƒe nunɔla la ƒe lãwo dzi kpɔm. Gbe ɖeka esi wòkplɔ lãawo yi gbedzi la, eva do ɖe Xoreb,#3.1: Ŋkɔ etɔ̃e le to sia ŋu. Ɖekae nye “Xoreb”; Bubue nye “Mawu ƒe to” eye bubu hãe nye “Sinai.” Mawu ƒe to la gbɔ. 2#Dɔw 7.30-34.Tete Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le dzobibi me le ŋugbe aɖe me. Esi wòɖe ŋku ɖe eŋu la, ekpɔ be dzoa le bibim gake gbea mele fiafiãm o. 3Mose gblɔ be: “Mayi aɖakpɔ nu dziŋɔ sia ɖa: nu si ta gbea mele fiafiãm o!”
4Esi Aƒetɔ kpɔ be edze be yeakpɔ nua ɖa la, eyɔe tso ŋugbea me be: “Mose, Mose!” Mose tɔ be: “Nyee nye esi.”
5Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Mègate va afii o. Ɖe wò atokota le afɔ, elabe anyigba si dzi nètsi tsitre ɖo la, anyigba kɔkɔe ye.” 6Egagblɔ be: “Nyee nye tɔgbuiwòwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.” Tete Mose tsyɔ nu ŋkume elabe enɔ vɔvɔ̃m be yeakpɔ Mawu.
7Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Mekpɔ ale si wole funyafunya wɔm nye dukɔ le Egipte. Mese ɣli si dom wole be woaɖe yewo tso dɔdzikpɔla siwo te wo ɖe anyi la si me. 8Ẽ, menya woƒe fukpekpewo eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo ayi anyigba nyui aɖe dzi. Anyigba sia keke, eye notsi kple anyitsi bɔ ɖe edzi. Afi ma Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo le. 9Israelviwo ƒe ɣli ɖi mese eye mekpɔ ale si Egiptetɔwo le wo tem ɖe anyii. 10Eya ta va, madɔ wò ɖe Egipte Fiagã #3.10: Egipte-fia sia la, fia yeye wònye va zia dzi. Egipte-fia si di be yeawu Mose tsã ma la ya ku. Kpɔ Mos II, 2.23. gbɔ be nàɖe nye dukɔ Israelviwo tso esi me, eye nàkplɔ wo dzoe le Egipte.”
11Ke Mose gblɔ na Mawu be: “Ame ka menye be maɖado ɖe Egipte Fiagã ŋkume eye be makplɔ Israelviwo adzoe le Egipte?” 12Mawu ɖo eŋu nɛ be: “Manɔ kpli wò; eye dzesi si nàkpɔ anya be nyee dɔ ye ɖa lae nye be: ne èkplɔ dukɔ la do goe tso Egipte la, miasubɔm le to sia dzi.”
13 # Mos II, 6.2, 3. Mose bia Mawu be: “Ne meyi Israelviwo gbɔ, eye megblɔ na wo be: ‘Mia tɔgbuiwo ƒe Mawu lae dɔm ɖe mia gbɔ,’ eye wobiam be: ‘Eŋkɔ ɖe?’ hã la, ale ke maɖo eŋu na wo?”
14 # Nyaɖ 1.4, 8. Mawu gblɔ na Mose be: “AME SI MENYE LAE MENYE.” Eyi edzi be: “Gblɔ na Israelviwo be: ‘MENYE ye dɔm ɖe mia gbɔ.’ ” 15Mawu gagblɔ na Mose be: “Gblɔ na Israelviwo be: “Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu: Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawue dɔm ɖe mia gbɔ. Esiae nye nye ŋkɔ tegbee. Ŋkɔ sia nye nye ŋkɔ tso dzidzime yi dzidzime. 16Yi nàƒo Israelviwo ƒe ame tsitsiwo nu ƒu, eye nàgblɔ be nye Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu, ɖe eɖokui fiam, gblɔ be, ‘Nye ŋku le mia ŋu, eye menya nu si wole mia wɔm le Egipte. 17Eya ta medo ŋugbe be maɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe fuwɔame la me, eye makplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi; anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la.’
18Dukɔ la aɖo to wò. Ekema wò kple Israelviwo ƒe ame tsitsiwo miayi Egipte-fia la gbɔ, eye miagblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mí; eya ta ɖe mɔ na mí míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedzi, aɖasa vɔ na Aƒetɔ, mía Mawu la.’ 19Menyae be Egipte-fia la maɖe mɔ na mi miayi o, negbe ɖeko woazi edzi hafi. 20Ale matsɔ nye ŋusẽ kple nukunu siwo katã mawɔ le wo dome la, atu nu kple Egipte, eye eya megbe la, ana miadzo. 21#Mos II, 12.35, 36.#Nya 10.17. Mana gɔ̃ hã be Egiptetɔwo ƒe dɔme atrɔ ɖe dukɔ sia ŋu ale be ne miele dzodzom la, miayi asi ƒuƒlu o. 22Israel-nyɔnu ɖe sia ɖe nabia klosalotsyɔ̃ɖonu, sikanuwo kple nudodowo le eƒe aƒelika kple amedzro si le eƒeme la si. Miado nu siawo na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo adzoe. To esia me, miaha Egiptetɔwo.”

Currently Selected:

Mose II 3: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo