Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose II 24

24
Woɖo kpe nubabla la dzi
1Egblɔ na Mose be: “Wò ŋutɔ, Aron, Nadab, Abihu kple Israel-me tsitsiawo dome ame bla adrẽ, milia toa ne miate ɖe Aƒetɔ ŋu. Minɔ adzɔge ne miade ta agu. 2Mose ɖeka ko nete ɖe Aƒetɔ ŋu. Ame mamlɛawo megate va o, eye dukɔ la megalia to la kplii o.”
3Mose va gblɔ Aƒetɔ ƒe nyaawo katã kple ɖoɖoawo katã na dukɔ la; tete dukɔ la lɔ̃ ɖe wo dzi kple gbe ɖeka be: “Míawɔ nu siwo katã Aƒetɔ gblɔ na mí la.” 4Mose ŋlɔ Aƒetɔ ƒe nyaawo katã ɖi. Le evea gbe ŋdi la, efɔ yi ɖaɖi vɔsamlekpui ɖe toa gɔme. Eɖi ŋkuɖodzikpe wui eve hã ɖe afi ma, ɖe Israel-to wui eveawo nu. 5Ena Israelviwo dome ɖekakpuiwo yi ɖawɔ numemevɔsawo na Aƒetɔ, eye wòna wotsɔ nyitsuwo sa ŋutifafavɔ hã nɛ. 6Eku nyitsuawo ƒe ʋu ƒe afã ɖe agbawo me da ɖi, eye wòhlẽ afã mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu. 7Etsɔ agbalẽ si me wòŋlɔ nublanyaawo ɖo, eye wòxlẽe be dukɔ la nasee. Tete wogblɔ be: “Miawɔ nu siwo katã Aƒetɔ gblɔ na mí la pɛpɛpɛ, eye mianye toɖolawo.”
8 # Mat 26.28; Mar 14.24; Luk 22.20; Kor I, 11.25; Heb 10.29; Heb 9.19, 20. Eyome Mose tsɔ ʋu la wu ɖe ameawo ŋu hegblɔ be: “Kpɔ ɖa, esiae nye nu si Aƒetɔ bla kpli mi le nya siwo katã wògblɔ na mi la nu.”
9Esia megbe, Mose, Aron, Nadab, Abihu kple Israel-me tsitsi bla adrẽ la yi toa dzi. 10Tete wokpɔ Israel ƒe Mawu la. Nu gbadza aɖe si dze abe gblotie wotsɔ wɔe ene la le eƒe afɔ te. Nua kɔ keŋkeŋ abe dziŋgɔli ene. 11Mewɔ nu vevi aɖeke Israelviwo ƒe ame veviawo o. Wokpɔ Mawu, eye woɖu nu, no nu.
Mose le Sinai-to dzi
12Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Va gbɔnye le toa dzi; lala le afi ma. Matsɔ kpe gbadzɛ siwo dzi meŋlɔ seawo ɖo be nàɖafia Israelviwo la na wò.” 13Ale Mose tso kple Yosua eye woyi Mawu ƒe to la dzi. 14Mose gblɔ na ame tsitsiawo be: “Minɔ afi sia va se ɖe esime míagbɔ. Mikpɔ ɖa, Aron kple Xur le mia gbɔ. Ne ʋɔnunya aɖe le mia dometɔ aɖe si la, mitsɔe yi wo gbɔe.
15Mose yi toa dzi. Tete alilikpo tsyɔ toa dzi. 16Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe va nɔ Sinai-to la dzi eye alilikpoa tsyɔe ŋkeke ade. Le ŋkeke adrẽa gbe la, eyɔ Mose tso alilikpoa me. 17Azɔ la Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe le abe dzo binu ene le toa tame nɔ dzedzem Israelviwo kpɔ. 18#Mos V, 9.9. Mose ge ɖe alilikpo la me eye wòyi toa dzi. Mose nɔ toa dzi ŋkeke bla ene, zã bla ene.

Currently Selected:

Mose II 24: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo