Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose II 25

25
Nudzɔdzɔ hena Agbadɔ kɔkɔe la
(Mos II, 35.4-9)
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Israelviwo be woadzɔ nu nam. Mixɔ nudzɔdzɔ le ame sia ame si lɔ̃ tso eƒe dzime be yeana num faa la si nam. 3Nu siwo miaxɔ la woe nye: sika, klosalo, akɔbli, 4aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka, aɖabɛ dzẽ ƒe ka, ka dzẽ, ka ɣi, gbɔ̃fu, 5agbogbalẽ si wode ama dzẽ, gbɔ̃gbalẽ zɔzrɔ̃e, xeti, 6akaɖimemi, ami ʋeʋẽe, atike ʋeʋẽe si wotɔa dzoe, 7sohamkpe kple kpe xɔasi bubu siwo woatsɔ aɖo atsyɔ̃ na nunɔlagã ƒe kɔmewu kple akɔtaɖonu. 8Na woawɔ kɔkɔeƒe nam be mava nɔ wo dome. 9Ale si mefia agbadɔla ƒe tutume kple nunɔdzi siwo katã anɔ eme la wɔwɔ wòe la, miawɔ wo nenema tututu.
Nubablaɖaka la
(Mos II, 37.1-9)
10“Woatsɔ xeti akpa aɖakae. Aɖakaa ƒe didime nanye sentimeta alafa ɖeka kple ewo, eƒe kekeme nanye sentimeta bla ade vɔ ade, eye eƒe kɔkɔme hã nanye bla ade vɔ ade. 11Fa sika nyuitɔ ɖe eme kple ekɔgo siaa, eye nàtsɔ sika nyuitɔ do atsiã ɖe eto kpe ɖo. 12Eyome nàkɔ sikasigɛ ene, eye nàklã wo ɖe eƒe dzogoe eneawo ŋu: eve nanɔ akpa ɖeka, eye eve hã nanɔ akpa evelia. 13Azɔ nàtsɔ xeti akpa kpo eve eye nàfa sika ɖe wo ŋu. 14Nàtsɔ kpoawo ƒo ɖe asigɛawo me ne woatsɔ wo akɔ aɖaka lae. 15Kpoawo natsi asigɛawo me le aɖakaa ŋu; womaɖee le asigɛawo me o. 16Mlɔeba nàtsɔ ɖaseɖiɖi si tsɔ ge mele na wò la ade aɖaka la me. 17#Heb 9.5. Tsɔ sika nyuitɔ nàwɔ nutuvi na aɖaka la. Nutuvia ƒe didime nanye sentimeta alafa ɖeka kple ewo, eye eƒe kekeme nanye sentimeta bla ade vɔ ade. 18Nàtsɔ sika awɔ kerubi eve eye woanɔ nutuvia ƒe nugbɔ eveawo. 19Kɔ kerubi ɖeka ɖe akpa ɖeka, eye nàkɔ evelia ɖe akpa evelia. Nàwɔ kerubiawo kple nugbɔawo ɖekae. 20Na kerubiawo nakeke woƒe aʋala me do ɖe dzi ale be aʋalaawo nabi ɖe nutuvia dzi. Woadze ŋgɔ wo nɔewo, eye woade mo to ɖe nutuvia dzi. 21Nàtsɔ se siwo mele tsɔtsɔ ge na wò la ade aɖaka la me, eye nàtsɔ nutuvia atu enu. 22Kerubi eve siwo le nubablaɖakaa tame la domee maɖe ɖokuinye afia wò le, eye afi mae magblɔ gbedeasi siwo katã wòle be nàxɔ ayi na Israelviwo la le na wò.
Kplɔ̃ hena abolo si wotsɔ va sa vɔ na Mawu
(Mos II, 37.10-16)
23“Emegbe tsɔ xe nàkpa kplɔ̃. Kplɔ̃a ƒe didime nanye sentimeta bla enyi vɔ enyi, eƒe kekeme nanye sentimeta bla ene vɔ ene, eye eƒe kɔkɔme nanye sentimeta bla ade vɔ ade. 24Fa sika nyuitɔ ɖe eŋu, eye nàtsɔ sika do atsiã ɖe eŋu akpe ɖo. 25Na to nanɔ eŋu akpe ɖo; to la nakeke sentimeta bla adrẽ vɔ atɔ̃, eye nàtsɔ sika wɔ atsiã ɖe eya hã ŋu akpe ɖo. 26Tsɔ sika wɔ asigɛ ene, nàklã ɖekaɖeka ɖe kplɔ̃a ƒe afɔti eneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 27Asigɛawo nete ɖe kplɔ̃a to ŋu, ale be woate ŋu ade kpo wo me atsɔ kɔ kplɔ̃ lae. 28Tsɔ xe nàkpa kpo didi eve, eye nàfa sika ɖe wo ŋu; woawoe woatsɔ kɔ kplɔ̃ lae. 29Azɔ nàtsɔ sika nyuitɔ awɔ kplɔ̃a dzi nuwo: agba gbadzɛwo, ametagbɛvi siwo me woanɔ lifi kɔm ɖo, kpluwo kple kplu siwo ŋudɔ woawɔ aƒo tsi ɖii. 30#Mos III, 24.5-8. Tsɔ vɔsabolo da ɖe kplɔ̃a dzi le ŋkunye me ɣe sia ɣi.
Akaɖiti la
(Mos II, 37.17-24)
31“Tsɔ sika nyuitɔ nàwɔ akaɖitii. Afɔ nenɔ akaɖitia gɔme eye eƒe titinati, kɔ́ siwo le titinatia ŋu, eƒe alɔwo kple seƒoƒowo katã nanye nu blibo ɖeka ado tso sika la me. 32Alɔ ade nenɔ titinatia ŋu. Etɔ̃ nanɔ eƒe axa ɖeka, eye etɔ̃ nanɔ evelia hã. 33Seƒoƒo etɔ̃ kple wo tameɖonuwo nanɔ alɔ ɖeka ŋuti, eye seƒoƒo etɔ̃ kple woƒe tameɖonuwo nanɔ alɔ evelia ŋuti. Alea woanɔ alɔ ade siwo le akaɖitia ŋu la ŋuti akpe ɖo. 34Seƒoƒo ene kple wo tameɖonuwo nanɔ atia ŋutɔ ŋuti. 35Seƒoƒo ɖeka kple etameɖonu nanɔ alɔ eveve kpeƒe le ati la ŋu. 36Kɔawo nawɔ ɖeka ɖe atia ŋu; sika nyuitɔ woatsɔ tu akaɖiti blibo lae. 37Eyome nàwɔ akaɖi adrẽ ada ɖe wo dzi eye woabi do ɖe ŋgɔgbe. 38Tsɔ sika nyuitɔ nàwɔ ɖovulãnuwo kple ganu suewoe. 39Woatsɔ sika nyuitɔ kilo bla etɔ̃ vɔ atɔ̃ atu akaɖitia kple eŋu nuawo katãe. 40#Dɔw 7.44; Heb 8.5. Kpɔ egbɔ be woanɔ tututu abe ale si wofia wò le toa dzi la ene.

Currently Selected:

Mose II 25: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo