Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose II 20

20
Se Ewoawo
1Mawu gblɔ nya siawo katã be:
2“Nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu, si kplɔ wò dzoe le Egipte-nyigba dzi, afi si nènye kluvi le kpɔ la.
3“Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò le ŋkunye me o.
4 # Mos II, 34.17; Mos III, 19.4; 26.1; Mos V, 4.15-18; 27.15. “Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Mègawɔ nu siwo le dziƒo, alo nu siwo le anyigba dzi, alo nu siwo le tsi me le anyigba te la dometɔ aɖeke ƒe nɔnɔme o. 5#Mos II, 34.6, 7; Mos IV, 14.18; Mos V, 7.9, 10. Mègade ta agu na ɖeke alo asubɔ ɖeke o. Elabe nye Aƒetɔ, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye. Mehea to na vi siwo léa fum, ɖe wo tɔ́wo ƒe vodada nu, va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi. 6Gake mevea ame akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye sewo dzi ya nu.
7 # Mos III, 19.12. “Mègayɔ Aƒetɔ, wò Mawu ŋkɔ dzodzro o, elabe Aƒetɔ magbe tohehe na ame si yɔa eŋkɔ dzodzro la o.
8 # Mos II, 16.23-30; 31.12-14. “Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, ne nàwɔe kɔkɔe. 9#Mos II, 23.12; 31.15; 34.21; 35.2; Mos III, 23.3.Ŋkeke ade nàwɔ dɔ, eye nàwɔ ŋuwò dɔwo katã. 10Ke ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe na Aƒetɔ, wò Mawu la. Gbe ma gbe la, mègawɔ dɔ aɖeke o. Eɖanye wò ŋutɔ o, viwò ŋutsu o, viwò nyɔnu o; eɖanye wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, lã siwo wɔa dɔ na wò alo amedzro si va dze wò du me la o. 11#Mos I, 2.1-3; Mos II, 31.17. Elabe ŋkeke ade mee Aƒetɔ wɔ dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme, eye wòdzudzɔ eɖokui le ŋkeke adrẽa gbe. Eya ta Aƒetɔ yra dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.
12 # Mos V, 27.16; Mat 15.4; 19.19; Mar 7.10; 10.19; Luk 18.20; Efes 6.2; Efes 6.3. “Bu tɔ́wò kple nɔwò, be nànɔ agbe wòadidi le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu na wò la dzi.
13 # Mos I, 9.6; Mos III, 24.17; Mat 5.21; 19.18; Mar 10.19; Luk 18.20; Rom 13.9; Yak 2.11. “Mègawu ame o.
14 # Mos III, 20.10; Mat 5.27; 19.18; Mar 10.19; Luk 18.20; Rom 13.9; Yak 2.11. “Mègawɔ ahasi o.
15 # Mos III, 19.11; Mat 19.18; Mar 10.19; Luk 18.20; Rom 13.9. “Mègafi fi o.
16 # Mos II, 23.1; Mat 19.18; Mar 10.19; Luk 18.20. “Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋuti o.
17 # Rom 7.7; 13.9. “Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe ŋu o. Mègabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu, eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyitsu alo eƒe tedzi alo nu sia nu si nye hawòvi tɔ la ƒe ɖeke ŋu o.”
Vɔvɔ̃ lé amewo
(Mos V, 5.22-33)
18 # Heb 12.18, 19. Esi ameawo se dzi ƒe gbeɖeɖeawo kple kpẽa ƒe ɖiɖi, eye wokpɔ dzi ƒe dzokeke kple ale si to la le dzudzɔ tumee la, wovɔ̃, dzo nyànyanya eye wole tsitre ɖe adzɔge ke. 19Wogblɔ na Mose be: “Wò, ƒo nu kpli mí, eye míasee; ke mègana Mawu naƒo nu kpli mí o; míava ku.”
20Mose gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o. Mawu ɖeko wòva be yeado mi kpɔ eye yeana vɔvɔ̃ nanɔ ye ŋu le mia dome be miagawɔ nuvɔ̃ o.”
21Dukɔ la tsitre ɖe adzɔge ke, esime Mose te ɖe viviti tsiɖitsiɖi si me Mawu nɔ la ŋu.
Vɔsamlekpuiwo ŋuti sewo
22Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Israelviwo be: ‘Miawo ŋutɔ miekpɔe! Dziƒo ke meƒo nu kpli mi tso. 23Migawɔ klosalo mawuwo kpe ɖe ŋunye loo, alo miawɔ sika mawuwo na mia ɖokui o. 24Tsɔ anyi ɖi vɔsamlekpui nam, eya dzie nàtsɔ wò alẽwo kple nyitsuwo asa numemevɔ, wò ŋutifafavɔ, atsɔ alẽwo, nyitsuwo le afi sia afi si mena be woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi le la. Mava gbɔwò eye mayra wò. 25#Mos V, 27.5-7; Yos 8.31. Ne èbe yeatsɔ kpe aɖi vɔsamlekpui nam la, mègatsɔ kpe si wofú la o, elabe ne ètsɔ wò dɔwɔnu aɖe ka kpe la ŋu ko, ègblẽ kɔ ɖo nɛ. 26Mègalia atrakpui yi nye vɔsamlekpui dzi, be wò ama me nadze le edzi o.’

Currently Selected:

Mose II 20: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo