Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose II 19

19
Israelviwo ɖo Sinai-to la gbɔ
1Esi Israelviwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi, le ɣleti etɔ̃ megbe ƒe ŋkeke ma dzi tututu la, wova ɖo Sinai-gbedadaƒo. 2Esi woho tso Refidim la, wova Sinai-gbedadaƒo eye woƒu asaɖa anyi ɖe gbedadaƒo la, afi mae Israel ƒu asaɖa anyi ɖo le to la ŋgɔ. 3Tete Mose lia to la yi Mawu gbɔ eye Aƒetɔ yɔe tso to la dzi gblɔ be: “Gblɔ na Yakob ƒe aƒe la eye nàɖe gbeƒãe na Israel-dukɔ la be: 4Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ Egiptetɔwo eye mekplɔ mi abe ale si hɔ̃ kɔa viawo ɖe eƒe aʋalawo dzi ene la va gbɔnyee. 5#Pet I, 2.9.#Mos V, 4.20; 7.6; 14.2; 26.18; Tito 2.14. Eya ta tso azɔ heyina, ne miase nye gbe eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome elabe tɔnyee nye anyigba blibo la katã. 6#Nyaɖ 1.6; 5.10. Ke miawo mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe nam. Nya si nàgblɔ na Israelviwo la nye esia.”
7Ale Mose va eye woyɔ dukɔ la ƒe ame tsitsiwo, eye wògblɔ nya siwo katã Aƒetɔ de esi la na wo. 8Dukɔ blibo la ɖo eŋu hoo be: “Nu sia nu si Aƒetɔ gblɔ ko la, míawɔe.” Mose yi ɖagblɔ woƒe ŋuɖoɖo sia na Aƒetɔ.
9Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, megbɔna gbɔwò le alilikpo dodo aɖe me, be ne mele nu ƒom kpli wò la, dukɔ la nasee, eye woawo hã naxɔ dziwò ase tegbee.”
Ale Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Aƒetɔ. 10Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gbugbɔ yi dukɔ la gbɔ, eye nàgblɔ na wo be woatsɔ egbe kple etsɔ anya woƒe nuwo, awɔ wo ɖokui dzadzɛ. 11Na woanɔ klalo le ŋkeke etɔ̃a gbe, elabe gbe ma gbe la, maɖi va Sinai-to dzi le wo katã ŋkume. 12#Heb 12.18-20.Ɖo seƒe na wo godoo ƒo xlã to la, eye nàgblɔ na wo be: ‘Ame aɖeke mekpɔ mɔ aflɔ liƒo ma o. Ame aɖeke mekpɔ mɔ alia to la alo agogoe gɔ̃ hã o. Ame sia ame si ka toa ŋu la, woawui. 13Asi aɖeke negaka nenem me ma ŋu o; ne wòkae la, woaƒu kpee alo adae; eɖanye ame alo lã o, maganɔ agbe o.’ Ne woku lãdzokpẽ he eme didie la, eya ko hafi woalia to la.” 14Ale Mose ɖi tso toa dzi va dukɔ la gbɔ, eye wòna ameawo nya woƒe awuwo, dzra ɖo, eye wowɔ wo ɖokui dzadzɛ. 15Egblɔ na dukɔ la be: “Kaka ŋkeke etɔ̃a gbe naɖo la, ame sia ame nesu te; ame aɖeke megate ɖe nyɔnu ŋu o.”
16 # Nyaɖ 4.5. # Mos V, 4.11, 12. Le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi la, dzi de asi gbeɖeɖe me, le dzo kem. Alilikpo dodo aɖe ɖiɖi ɖe to la dzi, eye kpẽ aɖe ɖi sesĩe ale gbegbe be ame siwo katã le asaɖa la me la dzo nyanyanya. 17Tete Mose kplɔ dukɔ la tso asaɖa la me yi Mawu kpe ge, eye wotsi tsitre ɖe toa gɔme. 18Dzudzɔ bla Sinai-to blibo la elabe Aƒetɔ le dzo me ɖi va toa tame. Dzudzɔ de dzi ʋĩi abe dzudzɔti me wòle dodom tso ene; to blibo la le ʋuʋum sesĩe ŋutɔ. 19Kpẽkuku la ƒe ɖiɖi le sesẽm ɖe edzi wu. Tete Mose ƒo nu, eye Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ le dziɖegbe me. 20Aƒetɔ ɖi va Sinai-to la tame. Eyɔ Mose be neva eye Mose yi. 21Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Ɖi yi toa gɔme, ne nàxlɔ̃ nu dukɔ la be womegagbɔ liƒo la dzi, ava gbɔnye be yewoakpɔ nu o, elabe wo dometɔ geɖewo aku. 22Na nunɔla siwo ate ɖe ŋunye hã nawɔ wo ɖokui dzadzɛ, ne Aƒetɔ magaɖe gbe ɖe wo dzi o.” 23Mose xɔ edzi na Aƒetɔ be: “Dukɔ la mate ŋu alia Sinai-to la o, elabe wò ŋutɔ ède se na mí be: ‘Miɖe liƒo ɖe to la ŋu, eye mibui kɔkɔe.’ ” 24Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ɖi yi nakplɔ Aron vɛ. Gake kpɔ egbɔ be nunɔlaawo kple ameawo nagaflɔ liƒo la, alia to la, ava Aƒetɔ gbɔ o; ne menye nenema o la, aɖe gbe ɖe wo dzi.” 25Ale Mose ɖi yi dukɔ la gbɔ ɖagblɔ nyaawo na wo.

Currently Selected:

Mose II 19: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo