Mose I 6

6
Amegbetɔwo ƒe nu tovo wɔwɔ.
1Ke esi amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi, eye wodzi nyɔnuwo la, 2mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu. 3Eye Yehowa gblɔ bena: Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave! 4Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema. 5Eye esi Yehowa kpɔ bena, amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa la, 6eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye woɖu dzi nɛ. 7Eye Yehowa gblɔ bena: Matsrɔ̃ ame, siwo mewɔ la ɖa le anyigba blibo la katã dzi, tso amewo kple lãwo dzi vaseɖe nu tatawo kple dziƒoxe dzodzoewo dzi, elabena evem bena, mewɔ wo. 8Ke Yehowa ve Noa nu.
Noa.
9Esia enye Noa ƒe dzidzimeviwo ŋutinya Noa enye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome, eye Noa zɔ kple Mawu. 10Eye Noa dzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Xam kple Yafet. 11Eye xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. 12Eye Mawu kpɔ bena, xexeame gblẽ keŋ; elabena amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.
Gbeƒãɖeɖe tsiɖɔɖɔ Aɖakanututu.
13Tete Mawu gblɔ na Noa bena: Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa. 14Tsɔ dzatiwo kpa aɖakaʋu na ɖokuiwò, eye natso eme keŋ, atsɔ aŋɔ atre eme kple ekɔgo. 15Eye ale nawɔe enye si; Aɖakaʋu la ƒe didime nanye abɔklugui alafa etɔ̃, eƒe kekeme nanye abɔklugui blaatɔ̃, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui blaetɔ̃. 16Eye naɖe fesre, siwo akɔ abɔklugui ɖeka la, ɖe aɖakaʋu la ƒe gliwo dzi aƒo xlãe godoo va kpe; eye naɖe ʋɔtru aɖakaʋu la ƒe axa dzi, eye nawɔ dzisasrã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple elametɔ. 17Elabena nye la mana tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilã, siwo katã le dziƒoa te, esiwo me agbegbɔgbɔ le la, natsrɔ̃, eye anyigba dzi nuwo katã naku. 18Ke mabia nu kpli wò bena, nayi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple srɔ̃wò hekpe ɖe viwòŋutsuawo srɔ̃wo ŋu. 19Ɖe nu gbagbewo katã kple ŋutilãwo katã eveveve yi ɖe aɖakaʋu la me, ne woanɔ agbe kpli wò; woanye atsu kple asi 20Dziƒoxe dzodzoewo le woƒe ƒomeviwo nu, aƒemelãwo le woƒe ƒomeviwo nu kple nu, siwo katã tana le anyigba la dzi, le woƒe ƒomeviwo nu, wo dome eveveve woava gbɔwò, bena woanɔ agbe. 21Ke wò la tsɔ nuɖuɖu ƒomevi vovovo, siwo katã woɖuna la, dzra ɖo ɖe gbɔwò, bena woanye nuɖuɖu na mia kpli wo siaa. 22Eye Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.

હાલમાં પસંદ કરેલ:

Mose I 6: EWERV

Highlight

શેર કરો

નકલ કરો

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in