Zaxarya 14
14
Yerusalem kple dukɔ bubuwo
1Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe ŋkeke li gbɔna esime woama wò nu si woha le mewò la. 2Elabe mana dukɔwo katã asɔ nu aho aʋa ɖe ŋuwò. Woaxɔ dua, aha nu siwo le aƒewo me eye woagblẽ nyɔnuwo. Woakplɔ dua me tɔwo ƒe afã ayi aboyo me, ke ame mamlɛawo ya anɔ anyi. 3Ekema Aƒetɔ atso aɖawɔ aʋa kple dukɔ siawo, abe ale si wòwɔa aʋa le aʋakpegbe ene. 4Gbe ma gbe la, atsi tsitre ɖe Amito si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la dzi. Tete bali gã aɖe ama Amito la me ɖe eve tso ɣedzeƒe va yi ɣetoɖoƒe, ale be to la ƒe afã ate yi dzigbeme eye evelia ate yi anyigbeme. 5Woana toa ƒe bali la natɔ elabe toawo ƒe bali la aka wo ŋu. Miasí abe ale si mia tɔgbuiwo sí, esime anyigba ʋuʋu le Yuda-fia Uziya ŋɔli ene. Ekema Aƒetɔ, mia Mawu la ava eye wòakplɔ ame kɔkɔeawo katã akpe ɖe eŋuti.
6Gbe ma gbe la, vuvɔ, tsi babla,#14.6: Kpukpui 6 lia me mekɔ le Hebri Biblia me o. 7kple viviti maganɔ anyi o. Ŋkeke me kekeli anɔ anyi ɖaa, anɔ anyi le gaƒoƒo siwo me wòdze be viviti nado hã. Ɣeyiɣi si nu sia ava eme la le nyanya na Aƒetɔ ɖeka dzaa ko. Ne zã do hã kekeli anɔ anyi.
8 #
Xez 47.1; Yoh 7.38; Nyaɖ 22.1. Gbe ma gbe la, tsi gbagbe así tso Yerusalem; eƒe afã aɖo ta ɣedzeƒeƒu la me eye afã así aɖo ta ɣetoɖoƒeƒu la me. Tsi la anɔ sisí dzi ƒè blibo la, le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa.
9Tete Aƒetɔ aɖu fia ɖe xexeme bliboa dzi. Gbe ma gbe Aƒetɔ anye Mawu ɖeka eye wòatɔ ŋkɔ ɖeka.
10Anyigba blibo la azu gbadzaƒe tso Geba va se ɖe Rimon le Yerusalem ƒe anyigbeme. Ke Yerusalem akɔ dzi le enɔƒe tso Benyamin-gbo la nu, afi si agbo gbãtɔ kple dzogoe le la gbɔ, agatso Xananel ƒe xɔ tsrala la gbɔ va se ɖe fia ƒe ahafiãƒewo. 11#Nyaɖ 22.3.Amewo anɔ dua me fũu azɔ, elabe maganye busudu o. Yerusalem anɔ anyi le dziɖeɖi me.
12Ke Aƒetɔ ahe dɔléle dziŋɔ ava dukɔ siwo katã wɔ aʋa kple Yerusalem la me tɔwo dzi. Ŋutilã aƒaƒã ɖe amewo ŋuti le esime wogale agbe; ŋku aƒaƒã ɖe to me na wo, eye aɖe aƒaƒã ɖe nu me na wo. 13Gbe ma gbe la, Aƒetɔ ana woatɔtɔ anɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe be ame sia ame adze ehavi dzi eye woawɔ nu vevi wo nɔewo. 14Yuda-duwo gɔ̃ hã awɔ aʋa le Yerusalem. Woaha dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe kesinɔnuwo, siwo nye sika, klosalo kple avɔwo fũu. 15Dɔléle dziŋɔ la adze sɔwo, tedzisɔwo, kposɔwo kple tedziwo kpakple lã bubu siwo katã le futɔwo ƒe asaɖa me la dzi.
16 #
Mos III, 23.39-43. Azɔ ame siwo katã tsi agbe le dukɔ siwo ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu me la ayi Yerusalem ƒe sia ƒe aɖasubɔ Fia la, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, eye woaɖu Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui la. 17Ne dukɔ aɖe me tɔwo gbe be yewomayi aɖasubɔ Aƒetɔ, Fia la o la, tsi madza na wo o. 18Ne Egiptetɔwo gbe ŋkekenyui la ɖuƒeyiyi la, dɔléle dziŋɔ si Aƒetɔ ana wòadze ame siwo gbe yiyi dzi la adze woawo hã dzi. 19Alea woahe to na Egiptetɔwo kple dukɔ bubu siwo katã mava Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui la ɖuƒe o lae.
20Gbe ma gbe la, woaŋlɔ ɖe nyawowoe siwo le sɔwo ŋu gɔ̃ hã la dzi be: “Wokɔ wo ŋu na Aƒetɔ.” Nuɖaze siwo le mawuxɔa me la ŋu akɔ abe agba siwo le vɔsamlekpuia gbɔ ene. 21Nenema ke nuɖaze siwo katã le Yerusalem kple Yuda la ŋu akɔ na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, ale be vɔsalawo katã ava fɔ wo ayi aɖaɖa nu le wo me. Le ɣe ma ɣi me la, asitsala aɖeke maganɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒeme o.
Currently Selected:
Zaxarya 14: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.