YouVersion Logo
Search Icon

Xagai 2

2
Gbedoxɔ yeye la ƒe atsyɔ̃
1Le fia Dario ƒe dziɖuɣi ƒe ƒè evelia me, le ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke bla eve vɔ ɖekɛa gbe la, Aƒetɔ ƒo nu to eƒe gbeƒãɖela Xagai dzi be: 2“Azɔ gblɔ na Zerubabel, Sealtiel vi, Yuda-nyigba la nunɔla kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak vi kpakple dukɔa ƒe ame siwo katã susɔ la be: 3#Ezra 3.12. ‘Ame kae susɔ le mia dome kpɔ xɔ sia ƒe atsyɔ̃ tsãtɔ la? Ale ke miekpɔe fifia? Ɖe medze numaɖinui le mia ŋkume oa? 4Eya ta azɔ la, Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo, Aƒetɔ lae gblɔe; nunɔlagã Yosua, Yehozadak vi, lé dzi ɖe ƒo; mi anyigba la dzi nɔlawo katã, milé dzi ɖe ƒo, Aƒetɔ lae gblɔe. Miwɔ dɔ elabe meli kpli mi. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe, 5#Mos II, 29.45, 46. abe ale si medo ŋugbee na mi esi mieʋu tso Egipte la ene. Nye Gbɔgbɔ le mia dome, migavɔ̃ o.’ 6#Heb 12.26. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: ‘Esusɔ vie ko magaʋuʋu dziƒowo, anyigba, atsiaƒu kple anyigba ƒuƒui. 7Maʋuʋu dukɔwo katã, ale be woatsɔ woƒe kesinɔnuwo ava afii, eye mana xɔ sia ayɔ taŋ kple nu xɔasiwo. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe. 8Klosalo la, tɔnyee; sika hã tɔnyee. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe. 9Xɔ megbetɔ sia ƒe atsyɔ̃ anyakpɔ wu tsãtɔ, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe. Mana nu nadze edzi na mi le teƒe sia.’ ” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
Mawu ƒe gbeƒãɖela la ƒo nu kple nunɔlawo
10Le ɣleti asiekelia ƒe ŋkeke bla eve vɔ enea gbe, le fia Dario ƒe dziɖuɣi ƒe ƒè evelia me la, Aƒetɔ ƒo nu to gbeƒãɖela Xagai dzi be: 11Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Bia nunɔlawo ne woatso nya me le nya sia ŋu: 12‘Ne ame aɖe lɔ lã si ŋu kɔ la ɖe avɔ nu, eye avɔ la ka abolo, nuɖaɖa, wain, ami alo nuɖuɖu bubu aɖe ŋu la, ɖe nua ŋu kɔa?’ ” Nunɔlawo ɖo eŋu be: “Kpao.” 13#Mos IV, 19.11-22. Tete Xagai bia be: “Ekema ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋu, eye amea ŋu mekɔ o, emegbe wòka asi nu siawo dometɔ aɖe ŋu la, ɖe nua hã zu nu makɔmakɔa?” Nunɔlawo ɖo eŋu be: “Ẽ, ezu nu makɔmakɔ.” 14Tete Xagai gblɔ be: “Alea tututue wòle na dukɔ sia me tɔwo kple dukɔ sia le ŋkunye me. Nenema ke nu sia nu si wotsɔ asi wɔe kple nu sia nu si wotsɔ sa vɔe le afi ma la ŋu mekɔ o.” Aƒetɔ lae gblɔe.
Aƒetɔ do ŋugbe be yeayra dukɔ la
15“Taflatsɛ, mibu nya siwo ava va eme tso egbe sia heyi la ŋuti kpɔ. Hafi woatsɔ kpe aɖo kpe dzi le Aƒetɔ ƒe gbedoxɔa tutu me la, 16ale ke wònɔ na mi? Ne ame aɖe li kɔ bli ɖi fũu hebu be yeakpɔ nudzidzenu bla eve la, ɖe menye ewo ko wòkpɔna oa? Ne ame bubu va wainfiãƒe hebu be yeakpɔ goe bla atɔ̃ la, ɖe menye bla eve ko wòkpɔna oa? 17Mehe to na mia kple miaƒe agbagbadzedzewo metsonuwo katã. Miaƒe bli hlɔ̃ hedze heteku, tsikpewo dza; gake mietrɔ va gbɔnye o. Aƒetɔ lae gblɔe. 18Mibu eŋu tso egbe, ɣleti asiekelia ƒe ŋkeke bla eve vɔ enelia sia gbe, heyi. Mibu eŋu tso gbe si gbe woɖo Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi. 19Ɖe bli gale ava mea? Ɖe kutsetse aɖeke mele wainka, gboti, yevuboɖati kple amiti dzi oa? Tso egbe heyi la, mayra mi.”
Aƒetɔ do ŋugbe na Zerubabel
20Aƒetɔ gaƒo nu to Xagai dzi zi evelia le ɣletia ƒe ŋkeke bla eve vɔ enea gbe be: 21“Gblɔ na Zerubabel, Yuda-nyigba la nunɔla la be, mele dziƒo kple anyigba ʋuʋu ge, 22eye mamu fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi. Mele ŋusẽ si le dukɔwo ƒe fiaɖuƒewo si la tsrɔ̃ ge, eye matu asi tasiaɖamwo kple wo kulawo aƒu anyi; sɔwo kple wo dolawo adze anyi, eye ame sia ame atsi ehavi ƒe yi nu. 23Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be, gbe ma gbe la, matsɔ wò, Zerubabel, nye dɔla, Sealtiel vi, awɔ abe ŋkɔsigɛ ene. Elabe wòe metia.” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.

Currently Selected:

Xagai 2: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in