Xagai 1
1
Aƒetɔ ɖe gbe be woagbugbɔ gbedoxɔ la atu
1 #
Ezra 4.24—5.2; 6.14. Le fia Dario ƒe dziɖuɣi ƒe ƒè evelia me, le ɣleti adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Aƒetɔ ƒo nu to eƒe gbeƒãɖela Xagai dzi na Zerubabel Sealtiel vi, Yuda-nyigba nunɔla kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak vi. 2Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la gblɔ be: “Ame siawo le gbɔgblɔm be ɣeyiɣi mede be woagbugbɔ Aƒetɔ ƒe xɔ la atu haɖe o.” 3Tete Aƒetɔ gblɔ na gbeƒãɖela Xagai be: 4“Ɣeyiɣi ɖo na miawo ya be mianɔ xɔ siwo me wofa ʋuƒo ɖo la me, esime xɔ sia ya nanye glikpo anɔ anyia? 5Eya ta azɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: ‘Mibu ale si nuwo le yiyimee na mi la ŋu kpɔ! 6Mieƒã nu geɖe, gake nu ʋɛ aɖe ko mieŋe; mieɖu nu gake meɖi ƒo na mi o; mieno nu gake meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ gake mede dzo lã me na ame aɖeke o; ame si xɔa fetu la, xɔnɛ kɔna ɖe kotoku ŋɔŋɔ me.’ ”
7Eya ta Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Mibu ale si nuwo le yiyimee na mi la ŋu kpɔ! 8Miyi ɖe towo dzi ne miatsɔ atiwo vɛ ava tu xɔ lae, ne wòadze ŋunye, eye mado kple nye bubu. Aƒetɔ lae gblɔe. 9Miekpɔ mɔ na nu geɖe, kpɔ ɖa, nu sue aɖe koe su mia si. Esi mietsɔe va aƒee la, meɖo ƒuƒu ɖee. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la bia be nu ka tae? Esi nye xɔ zu glikpo li, gake mia dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzi ɖe etɔ ya ŋu la tae. 10Eya tae dziƒowo te zãmu mi, eye anyigba te nuwɔwɔ mi ɖo. 11Nyee na ku le ɖiɖim vevie ɖe anyigba kple towo ŋu, ɖe bli, wain yeye kple ami ŋu, ɖe nu siwo katã tsoa anyigba me ŋu, ɖe amegbetɔwo kple lãwo siaa ŋu, ɖe dɔ siwo katã wotsɔa asi wɔnɛ ko la ŋu.”
Dukɔ la wɔ Aƒetɔ ƒe gbe dzi
12Tete Zerubabel, Sealtiel vi kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak vi kpakple dukɔ la ƒe ame siwo susɔ la, ɖo to Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe gbe kple Xagai, gbeƒãɖela la ƒe nyawo abe ale si Aƒetɔ, woƒe Mawu la dɔe ene, eye dukɔ la vɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume. 13Azɔ la Xagai, Aƒetɔ ƒe amedɔdɔ la gblɔ Aƒetɔ ƒe gbedeasi la na dukɔ la be: “Meli kpli mi.” Aƒetɔ lae gblɔe. 14Tete Aƒetɔ de gbɔgbɔ Zerubabel, Sealtiel vi, Yuda-nyigba la nunɔla kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak vi kpakple dukɔa ƒe ame siwo katã susɔ la me. Wova wɔ dɔ le Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla si nye woƒe Mawu la, ƒe xɔ la ŋu, 15le ɣleti adelia ƒe ŋkeke bla eve vɔ enea gbe.
Currently Selected:
Xagai 1: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.