YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 44

44
Kplu si bu la
1Azɔ Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be: “De nuɖuɖu ŋutsuawo ƒe kotokuawo me wòasɔ gbɔ ale sinu anyatsɔ na wo la, eye nàtsɔ ame sia ame ƒe ga ada ɖe edzi le eƒe kotokua me. 2Tsɔ nye klosalokplu de ɖevitɔ ƒe kotoku me kpe ɖe ga si wòtsɔ va nu ƒle ge la ŋu.” Ewɔ ɖe nya si Yosef gblɔ nɛ la dzi. 3Le ŋufɔke ŋdi kanya la, wodo mɔ ŋutsuawo wodzo kple woƒe tedziwo. 4Esi wodo go le dua me yina sẽe la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be: “Tso nàti ŋutsuawo yome nàɖatu wo. Bia wo se be: ‘Nu ka ta mietsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe? Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu ɖo#44.4: Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu ɖo? mele Hebri-gbalẽ aɖewo me o.? 5Eyae wòtsɔna noa nui. Eya mee wokpɔa nu ɣaɣlawo le gblɔna. Miewɔ busunu!’ ”
6Esi aƒedzikpɔla la va tu wo la, egblɔ nya siawo na wo tututu. 7Woɖo eŋu nɛ be: “Nu ka, amegã, nya kae nye esi gblɔm nèle? Gbeɖe, míate ŋu awɔ nu sia tɔgbe akpɔ o! 8Kpɔ ɖa, esi míeɖo Kanaan-nyigba dzi, kpɔ ga le blia dzi le miaƒe kotokuawo me la, míetrɔe vɛ na wòe. Ale ke wɔ míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒeme adzoe azɔ? 9Amegã, mía dometɔ si gbɔ nàkpɔe le la dze na ku, eye mí ame mamlɛawo la míazu wò kluviwo.” 10Egblɔ be: “Melɔ̃ ɖe edzi. Ɖeko ame si gbɔ woakpɔe le la lazu nye kluvi, mi ame mamlɛawo ya miadzo ayi faa.” 11Enumake ame sia ame ɖiɖi eƒe kotoku ɖe anyigba, eye wòtui. 12Aƒedzikpɔla la de asi kplua didi me. Edze egɔme tso tsitsitɔ dzi va wu nu ɖe ɖevitɔ dzi. Kasia wokpɔ kplu la le Benyamin ƒe agba me. 13Nɔviŋutsuawo dze woƒe awuwo kple veve. Wo dometɔ ɖe sia ɖe gado agba na eƒe tedzi, eye wogbugbɔ yi dua me.
14Esi Yuda kple nɔviawo va Yosef ƒeme la, Yosef gale afi ma. Wodze klo de ta agu nɛ, 15eye Yosef bia wo se be: “Nu ka nye esi miewɔ? Ɖe mienyae be, ame abe nye ene, mekaa nu oa?” 16Yuda ɖo eŋu be: “Amegã, nya kae le mía si míate ŋu agblɔ na wò? Ale ke míaʋli nya siae? Ale ke míaɖe mía ɖokui nui? Mawu klo nu le wò dɔlawo ƒe nuvɔ̃ dzi. Kpɔ ɖa, menye ame si gbɔ wokpɔ wò kplua le la koe lanye wò kluvi o; mí katã tim míezu wò kluviwo.” 17Yosef ɖo eŋu na wo be: “Gbeɖe! Nyemawɔ nenema akpɔ o. Ame si gbɔ wokpɔ nye kplua le la, eya koe anye nye kluvi. Mi ame mamlɛawo mitrɔ yi mia tɔ́a gbɔ le ŋutifafa me.”
Yuda ɖe kuku ɖe Benyamin ta
18Tete Yuda te ɖe Yosef ŋu gblɔ be: “Amegã, taflatsɛ, na maƒo nu na wò faa. Dzi megaku wò ɖe ŋunye o; èle abe Fiagã ŋutɔ ene. 19Amegã, èbia mí se be, ‘Ɖe tɔ́ alo nɔviŋutsu aɖe gale mia sia?’ 20Míeɖo eŋu be: ‘Mía tɔ́ amegãɖeɖi li, eye míaƒe dɔmlɔea ŋutsuvi hã li. Wodzi eya na mía tɔ́ le eƒe tsitsime. Ke dadavia ku, dadavi aɖeke megale esi o; tɔ́a lɔ̃nɛ vevie.’ 21Azɔ ègblɔ na mí be míkplɔe vɛ na ye ne yeakpɔ. 22Ke míeɖo eŋu be ɖevia mate ŋu adzo le tɔ́a gbɔ o; ne edzo la, tɔ́a aku. 23Tete nègblɔ na mí be, ne míekplɔ mía nɔvi ɖevitɔ la vɛ o la, mígado ɖe ye ŋkume o. 24Esi míetrɔ yi mía tɔ́a gbɔ la, míegblɔ wò nya la nɛ. 25Emegbe mía tɔ́a gblɔ na mí be migatrɔ va ƒle nuɖuɖu vɛ. 26Míeɖo eŋu be: ‘Míate ŋu ayi o. Ne míawo ɖeɖe míeyi, eye mía nɔvi ɖevitɔ la mekpe ɖe mía ŋu o la, ŋutsua maɖe mɔ míado ɖe eŋkume o. Ne mía nɔvi ɖevitɔ la le mía dome ko hafi míawo hã míayi.’ 27Tete mía tɔ́a gblɔ na mí be: ‘Mienyae be viŋutsu eve ko srɔ̃nye Raxel dzi nam. 28Ɖeka ku le gbɔnye. Megblɔ be lã wɔadã aɖe kokokoe vuvui, elabe va se ɖe fifi la, nyemekpɔe kpɔ o. 29Ne miekplɔ evelia sia hã yii, eye nane dzɔ ɖe edzi la, mafa konyi ʋuu ayi yɔ me kple nye ta ɣia.’ 30Azɔ ne meɖaɖo wò dɔla, tɔ́nye gbɔ, eye ɖevi si wòlɔ̃ vevie la mele mía dome o la, 31ekema mía tɔ́ aku ne mekpɔ ɖevia le mía dome o. Ale wò dɔlawo ana wò dɔla, mía tɔ́ amegãɖeɖi taɣi la, natsɔ nuxaxa ayi tsiẽƒee. 32Gawu la, metsɔ ɖokuinye dè megbe na ɖevia le tɔ́nye gbɔ. Medo ŋugbe nɛ be, ne nyemekplɔ ɖevia gbɔe o la, meɖi fɔ le egbɔ tegbee. 33Eya ta amegã, meɖe kuku, nye la, matsi afii azu wò kluvi ɖe ɖevia teƒe, ne eya nagbugbɔ ayi aƒe kple nɔviawo. 34Ale ke mate ŋu atrɔ ayi tɔ́nye gbɔ, ɖevia manɔmee? Kpao! Nyemate ŋu akpɔ dzɔgbevɔ̃e gã si ava edzi la teƒe kple ŋku o.”

Currently Selected:

Mose I 44: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in