YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 45

45
Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo
1 # Dɔw 7.13. Azɔ Yosef magate ŋu alé eɖokui le ame siwo le egbɔ la ŋkume o. Eɖe gbe be: “Ame sia ame nedo go!” Ame bubu aɖeke menɔ wo gbɔ hafi wòɖe eɖokui fia nɔviawo o. 2Yosef wó avi doo, do ɣli ale be Egiptetɔawo kple fiaƒemetɔwo hã see. 3Yosef gblɔ na nɔviawo be: “Nyee nye Yosef! Tɔ́nye gale agbea?” Ke esi nɔviawo se nyaa la, wolulu, eye gbɔgblɔ bu ɖe wo. 4Yosef gblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, mite va gbɔnye.” Esi wote ɖe eŋu la, egblɔ na wo be: “Nyee nye mia nɔvi Yosef. Nyee miedzra ɖo ɖe Egipte. 5Gake migaxa nu o, eye megave mi kura be yewoe dzram, wokplɔ va afii o, elabe Mawu ɖe wòɖom ɖe mia ŋgɔ be mava xɔ amewo ɖe agbe. 6Azɔ la, ƒè eve koe nye esi dɔ to le anyigba dzi; egasusɔ ƒè atɔ̃ sɔŋ si me amewo mate ŋu agade agble alo aŋe nu o. 7Ke Mawu dɔm ɖe mia ŋgɔ, be ame ʋɛ aɖe natsi agbe le anyigba sia dzi na mi, eye ame geɖe natsi agbe na mi. 8Menye miawoe dɔm ɖe afii o; ke boŋ Mawue. Eyae tsɔm wɔ fia la ƒe adaŋudela vevi, eye nyee kpɔa eƒe aƒe dzi, ganye Egipte-nyigba blibo la dziɖula. 9#Dɔw 7.14. Eya ta netsɔ miayi tɔ́nye gbɔ aɖagblɔ nɛ be nye via Yosef mebe: ‘Mawu wɔm mezu Egipte-nyigba la katã dziɖula. Va gbɔnye kaba; mègahe ɖe megbe o. 10Wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, wò alẽwo kple nyiwo kpakple nu siwo katã le asiwò la, mianɔ Gosen-nutome ale be miate ɖe ŋunye. 11Makpɔ dziwò le afi ma elabe esusɔ ƒè atɔ̃ sɔŋ ne dɔa nake. Ne menye nenem o la, hiã atu wò kple wò aƒekɔ kple nu siwo katã le asiwò la.’ 12Yosef yi eƒe nuƒoa dzi be: Azɔ la, miawo ŋutɔ miele ekpɔm kple ŋku; nɔvinye Benyamin hã le ekpɔm be nye ŋutɔe le nu ƒom na mi. 13Miɖagblɔ bubu si gbegbe wotsɔ nam le Egipte kple nu siwo katã miekpɔ la na tɔ́nye. Miwɔ kaba ne miakplɔe va afii.” 14Tete wòkpla asi kɔ na nɔvia Benyamin, eye wòwó avi; Benyamin hã kpla asi kɔ nɛ kple avi. 15Yosef gbugbɔ nu na nɔviawo katã kple avi. Esia yome la, nɔviawo de asi dzeɖoɖo me kplii.
16Esi Egipte Fiagã la se be “Yosef nɔviwo va” la, dzi dzɔ eya kple eƒe dɔlawo ŋutɔ. 17Fiagã la gblɔ na Yosef be: “Gblɔ na nɔviwòawo be: ‘Mido agba na miaƒe lãwo ne miagbugbɔ yi Kanaan-nyigba dzi. 18Mikplɔ mia tɔ́a kple miaƒe ƒometɔwo ne miatrɔ va gbɔnye. Mana anyigba nyuitɔ mi le Egipte eye miaɖu anyigba la dzi nu nyuiwo aɖi ƒo.’ 19De se na wo be: ‘Miwɔ ale: mitsɔ tasiaɖamwo tso Egipte yii, ne mia viwo kple mia srɔ̃wo kpakple mia tɔ́a naɖo ava. 20Miɖe susu ɖa le miaƒe nunɔamesiwo ŋu, elabe nu nyuitɔwo katã le Egipte-nyigba dzi lanye mia tɔ.”
21Yakob viwo wɔ nu si wogblɔ na wo la dzi. Yosef na tasiaɖamwo wo abe ale si fia la ɖe gbe ene, eye wòna nuɖuɖu hã wo na mɔzɔzɔa. 22Ena awu wo dometɔ ɖe sia ɖe; ke ena klosaloga alafa etɔ̃ kple awu dodo atɔ̃ Benyamin ya. 23Edo agba na tedzi ewo kple Egipte nu nyuiwo, eye wògado agba na tedzinɔ ewo hã kple bli, abolo kpakple nuɖuɖu bubu siwo woaɖu le mɔ dzi, ne wotrɔ gbɔna la, ɖo ɖe tɔ́a. 24Azɔ edo mɔ nɔviawo. Esi wole mɔ dzem la, exlɔ̃ nu wo be: “Migawɔ dzre le mɔ dzi o lo.” 25Ale wodzo le Egipte, va ɖo wo tɔ́, Yakob, gbɔ le Kanaan-nyigba dzi. 26Wogblɔ nɛ be: “Yosef gale agbe! Eyae le Egipte-nyigba katã dzi ɖum!” Yakob lulu, eye mexɔ nya la dzi se o. 27Ke esi woto nya siwo katã Yosef gblɔ ɖo ɖee la nɛ, eye wòkpɔ tasiaɖam siwo Yosef ɖo ɖa be wòaɖo ava la, egaɖo eɖokui me. 28Israel gblɔ be: “Esia sɔ gbɔ nam. Vinye Yosef gale agbe! Mayi aɖakpɔe hafi aku!”

Currently Selected:

Mose I 45: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in