YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 16

16
Hagar kple Ismael
1Abram srɔ̃ Sarai medzi vi nɛ o. Ke Egipte kosi aɖe si ŋkɔe nye Hagar la nɔ esi. 2Sarai gblɔ na Abram be: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ mena medzi vi o. Eya ta azɔ la, dɔ kple nye kosi la. Ɖewohĩ ate ŋu adzi vi nam.” Abram lɔ̃ ɖe Sarai ƒe nya la dzi. 3Ale, ƒè ewo le Abram ƒe Kanaan-nyigba dzi vava emegbe la, Sarai tsɔ Hagar nɛ wòɖe. 4Abram dɔ kple Hagar, eye wòfɔ fu. Ke esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, eva eƒe aƒenɔ kpɔ ge ɖeƒomevii. 5Tete Sarai gblɔ na Abram be: “Wòe na Hagar va le kpɔyem ɖeƒomevii; nefia wò hã. Nye ŋutɔe ɖe asi le eŋuti na wò, ke esi wòva kpɔ be yefɔ fu la, megale buyem kura o. Aƒetɔ nedrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.” 6Abram ɖo eŋu na Sarai be: “Kpɔ ɖa, wò ŋutɔ wò kosie; ele asiwò me. Wɔ nu sia nu si dze ŋuwò la faa.” Tete Sarai de asi ŋutasesẽ me le eŋu, ale Hagar sí le egbɔ.
7Aƒetɔ ƒe dɔla kpɔ Hagar, wòle vudo aɖe si le gbedadaƒo le Sur-mɔ dzi la to. 8Ebiae be: “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso va afii? Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu be: “Nye aƒenɔ Sarai gbɔe mesí le.” 9Egblɔ be: “Trɔ yi wò aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ.” 10Dɔla la yi edzi gblɔ be: “Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o. 11Kpɔ ɖa, èfɔ fu, eye àdzi ŋutsuvi. Nàtsɔ ŋkɔ nɛ be Ismael elabe Aƒetɔ se konyifaɣli si nèdo esime nèle fu kpem la. 12Ke viwò la anye gbevu. Atsi tre ɖe ame sia ame ŋuti, eye ame sia ame atsi tre ɖe eya hã ŋuti nenema ke. Aɖe eɖokui ɖe aga tso nɔviawo katã gbɔ.” 13Tete Hagar na ŋkɔ Aƒetɔ, ame si ƒo nu kplii la be “Mawu, Nukpɔla Nènye” elabe ebia eɖokui be: “Menye Mawue mekpɔ vavã fifia gale agbe oa?” 14Eya ta woyɔa vudo la be: Beerlaxairoi#16.14: BEERLAXAIROI: Ŋkɔ sia gɔme le Hebri-gbe mee nye: Ame si le agbe le kpɔyem la ƒe vudo.. Ele Kades kple Bared dome.
15 # Gal 4.22. Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram tsɔ ŋkɔ na ɖevia be Ismael. 16Abram xɔ ƒe bla enyi vɔ ade esime Hagar dzi Ismael nɛ.

Currently Selected:

Mose I 16: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in