YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 15

15
Mawu bla nu kple Abram
1Esiawo megbe la, Aƒetɔ va Abram gbɔ le ŋutega me, eye wògblɔ nɛ be: “Abram, mègavɔ̃ o. Nyee nye wò akpoxɔnu. Wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.” 2Ke Abram ɖo eŋu be: “Aƒetɔ Mawu, fetu ka gɔ̃ nànam? Va se ɖe egbe la, ɖeko megali, vi mele asinye o. Eliezer, Damaskotɔ la koe le nye dome nyi ge.” 3Abram gblɔ be: “Kpɔ ɖa, mèna vim o; kluvi si wodzi le nye aƒeme lae anyi nye dome.” 4Kpɔ ɖa, Aƒetɔ xɔ edzi be: “Ŋutsu sia mele wò dome nyi ge o; ke boŋ wò ŋutɔ viwò ŋutsue anye wò domenyila.” 5#Rom 4.18; Heb 11.12. Azɔ Aƒetɔ kplɔe yi xexe, eye wògblɔ nɛ be: “Wu mo dzi nàkpɔ dziŋgɔli me ɖa. Xlẽ ɣletiviwo kpɔ be àte ŋui mahã. Aleae wò dzidzimeviwo asɔ gbɔe.” 6#Mak I, 2.52; Rom 4.3; Gal 3.6; Yak 2.23. Abram xɔ Aƒetɔ ƒe nyaa dzi se. Le esia ta, ebui nɛ be ewɔ nu dzɔdzɔe.
7Tete wògblɔ nɛ be: “Nyee nye Aƒetɔ, si kplɔ wò tso Ur le Kaldea, be matsɔ anyigba sia na wò, wòazu tɔwò.” 8Ke Abram bia be: “Aƒetɔ Mawu, ale ke mawɔ anya be ava zu tɔnye?” 9Egblɔ nɛ be: “Lé nyinɔ ɖeka, gbɔ̃nɔ ɖeka kple agbo ɖeka, siwo xɔ ƒe etɔ̃etɔ̃ kple ahɔnɛ ɖeka kple ahɔnɛ ɖeka vɛ nam.” 10Esi Abram tsɔ nu siawo katã vɛ nɛ la, efe ɖe sia ɖe me ɖe eve, eye wòɖo wo ɖe agbaka eve me, afã ɖe sia ɖe le nɔvia kasa; ke mefe xeawo ya me o. 11Tete xe ƒonuwo va dze ɖe lã kukuawo gbɔ, eye Abram nyà wo ɖa.
12 # Hiob 4.13, 14. Esi ɣe le to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Kasia viviti dziŋɔ aɖe do ɖee, eye vɔvɔ̃ lée. 13#Mos II, 1.1-14; Dɔw 7.6. Tete Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Nenɔ nyanya me na wò kɔtɛe be wò dzidzimeviwo ava nye amedzrowo le anyigba bubu aɖe si menye wo tɔ o la dzi. Woanye kluviwo le afi ma; woawɔ fu wo vevie ƒe alafa ene. 14#Mos II, 12.40, 41; Dɔw 7.7.Ke mava drɔ̃ ʋɔnu dukɔ si woasubɔ la, eye emegbe la, woadzo kple kesinɔnu geɖe. 15Wò ŋutɔ ya la, àtsi azu amegãɖeɖi belibeli hafi aku, woaɖi. Àyi tɔgbuiwòwo gbɔ le ŋutifafa me. 16Dzidzime enelia me hafi tɔwòwo agatrɔ va afii, elabe Amoritɔwo ƒe nuvɔ̃ meva glo haɖe o.”
17Ɣe ɖo to, eye viviti do. Kpɔ ɖa, ze si le dzudzɔ tum kɔlikɔli kple akakati si le bibim flaflafla la va to lã siwo me wofe da ɖi la dome. 18#Dɔw 7.5. Gbe ma gbe Aƒetɔ bla nu kple Abram be, “Metsɔ anyigba sia na wò dzidzimeviwo: Etso Egipte-tɔsisi gã la nu va se ɖe Frat-tɔsisi la nu ke. 19Kenitɔwo, Kenizitɔwo, Kadmonitɔwo, 20Xititɔwo, Perizitɔwo, Refaimtɔwo, 21Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Girgasitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigbae.”

Currently Selected:

Mose I 15: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in