Mose II 15
15
Mose dzi kafukafuha
1 #
Nyaɖ 15.3. Ale Mose kple Israelviwo dzi ha sia na Aƒetɔ be:
“Madzi ha na Aƒetɔ
elabe ewɔ nu dzɔtsuwo;
enyrɔ sɔ kple sɔdola
ɖe ƒu me.
2 #
Ps 118.14; Yes 12.2. Aƒetɔ nye nye ŋusẽ kple nye ha;
eya va zu xɔname nam.
Nye Mawue,
eya ta makafui.
Tɔ́nye ƒe Mawue,
eya ta madoe ɖe dzi.
3Aʋawɔlae nye Aƒetɔ;
Aƒetɔ nye eŋkɔ.
4Etsɔ Egipte Fiagã la ƒe tasiaɖam kple aʋakɔ la
ƒu gbe ɖe ƒu me,
eye aʋakalẽtɔwo nyrɔ
ɖe Aƒlaƒu la me.
5Tsiɖɔɖɔ gbagba tsyɔ wo dzi
eye woyi to abe kpe ene.
6O Aƒetɔ, wò nuɖusibɔ ƒe
ŋusẽ triakɔ la ɖua dzi.
O Aƒetɔ, wò nuɖusibɔ sia
nètsɔna gbãa futɔwoe gudugudu.
7Wò gãnyenye manyagblɔ
nètsɔna hea ame siwo tsi tre
ɖe ŋuwò la ƒua anyi.
Èdɔ wò dɔmedzoe helihelĩ la ɖa
wòfiã wo abe gbe ƒuƒu ene.
8Wò ŋɔti me gbɔgbɔ
na tsia ƒo kɔ.
Tsi tsatsa dzɔ ɖi abe gli ene;
ƒu gɔme tsi bla zu kpe.
9Futɔ ya be: “Mati wo aɖatu wo;
mafiti wo, maha aboyonu
hafi nye dzi nadze me.
Malũ nye yi le aku me
eye matsrɔ̃ wo!”
10Ke wò la, ƒuƒu ko nèɖo;
tete ƒu la gbagba tsyɔ wo dzi;
woyi to abe tsumi ene ɖe gogloƒe.
11O Aƒetɔ, ame kae de nuwò
le mawuwo dome?
Ame kae le abe wò ene,
si wotsɔ gãnyenye ɖo atsyɔ̃ na,
wòɖi vɔvɔ̃, dze kafukafu
eye wòwɔa nukunuwo?
12Ɖusi ko nèdo ɖa,
tete anyigba mi wo.
13Ève wò dukɔ la nu;
nèkplɔ wo eye nèɖe wo.
Etsɔ wò ŋusẽ kplɔ wo
va ɖo teƒe kɔkɔe la.
14Dukɔwo see
eye dzidzi ƒo wo;
Filistitɔwo le ƒoƒom tititi.
15Edom-fiawo ɖi vo;
Moab-megãwo dzo nyànyanya;
Kanaanitɔwo katã lulu.
16Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo.
Wò ŋusẽ triakɔ la na
wodze ti abe kpe ene,
va se ɖe esime wò dukɔ
si nèxɔ ƒle la
to wo dome yi!
17Àkplɔ wò dukɔ vɛ
eye àtsɔ wo aɖo to
si nye wò ŋutɔ tɔwò la dzi;
O Aƒetɔ, teƒe si nèdzra ɖo be yeanɔ,
O Aƒetɔ, kɔkɔeƒe si wò ŋutɔ nètsɔ
wò asi ɖo anyii.
18Aƒetɔ aɖu fia tegbetegbee.”
Miryam ƒe ha
19Elabe esi Egipte Fiagã ƒe sɔwo, eƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo ɖo ƒua me la, Aƒetɔ na tsi la tsyɔ wo dzi. Ke Israelviwo ya zɔ ƒuƒuiƒe to ƒua me do. 20Tete Aron nɔvinyɔnu Miryam, Mawu ƒe gbeƒãɖela tsɔ axatsɛ eye nyɔnuwo katã hã tsɔ axatsɛwo kplɔe ɖo le ɣe ɖum. 21Miryam do ha ɖa be:
“Midzi ha na Aƒetɔ
elabe eɖu dzi nukutɔe;
ede sɔ kple sɔdola ƒu.”
Tsi veve
22Emegbe Mose na Israel zɔ mɔ tso Aƒlaƒu la nu yi Sur-gbedadaƒo. Wozɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ le gbedadaƒo gake womekpɔ tsi aɖeke o. 23Wova ɖo Mara; ke tsi si le afi ma la vena, eya ta womete ŋu noe o. Eya ta woyɔa teƒea be “Mara”. 24Dukɔ la lĩ Mose ŋu be: “Afi ka míakpɔ tsi le ano?” 25#Sir 38.5.Mose do ɣli yɔ Aƒetɔ, eye Aƒetɔ fia ati aɖee. Esi wòtsɔ ati la da ɖe tsia me la, tsia trɔ zu tsi nyui.
Afi mae Aƒetɔ na se kple ɖoɖo Israelviwo le. Afi mae wòdo wo kpɔ le. 26Egblɔ be: “Ne èɖo to Aƒetɔ, wò Mawu la, eye nèwɔ nu si dzea Mawu ŋu, ne èlea fɔ ɖe eƒe sewo ŋu eye nèwɔa eƒe ɖoɖowo katã dzi la, nyemahe fukpekpe siwo katã mehe va Egiptetɔwo dzi la ƒe ɖeke ava dziwò o, elabe nyee nye Aƒetɔ, wò dɔyɔla.”
27Emegbe wova ɖo Elim, teƒe si tsidzɔƒe wui eve kple deti bla adrẽ le, eye woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma, le tsia gbɔ.
Currently Selected:
Mose II 15: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.