1
Mose II 15:26
EƲEGBE BIBLIA
Egblɔ be: “Ne èɖo to Aƒetɔ, wò Mawu la, eye nèwɔ nu si dzea Mawu ŋu, ne èlea fɔ ɖe eƒe sewo ŋu eye nèwɔa eƒe ɖoɖowo katã dzi la, nyemahe fukpekpe siwo katã mehe va Egiptetɔwo dzi la ƒe ɖeke ava dziwò o, elabe nyee nye Aƒetɔ, wò dɔyɔla.”
Compare
Explore Mose II 15:26
2
Mose II 15:2
Aƒetɔ nye nye ŋusẽ kple nye ha; eya va zu xɔname nam. Nye Mawue, eya ta makafui. Tɔ́nye ƒe Mawue, eya ta madoe ɖe dzi.
Explore Mose II 15:2
3
Mose II 15:11
O Aƒetɔ, ame kae de nuwò le mawuwo dome? Ame kae le abe wò ene, si wotsɔ gãnyenye ɖo atsyɔ̃ na, wòɖi vɔvɔ̃, dze kafukafu eye wòwɔa nukunuwo?
Explore Mose II 15:11
4
Mose II 15:13
Ève wò dukɔ la nu; nèkplɔ wo eye nèɖe wo. Etsɔ wò ŋusẽ kplɔ wo va ɖo teƒe kɔkɔe la.
Explore Mose II 15:13
5
Mose II 15:23-25
Wova ɖo Mara; ke tsi si le afi ma la vena, eya ta womete ŋu noe o. Eya ta woyɔa teƒea be “Mara”. Dukɔ la lĩ Mose ŋu be: “Afi ka míakpɔ tsi le ano?” Mose do ɣli yɔ Aƒetɔ, eye Aƒetɔ fia ati aɖee. Esi wòtsɔ ati la da ɖe tsia me la, tsia trɔ zu tsi nyui. Afi mae Aƒetɔ na se kple ɖoɖo Israelviwo le. Afi mae wòdo wo kpɔ le.
Explore Mose II 15:23-25
Home
Bible
Plans
Videos