YouVersion Logo
Search Icon

Tito 3

3
Le toɖoɖo dziɖuɖu kple tufafa na amesiame ŋuti. Gbugbɔgadzi ƒe tsilele.
1Ɖo ŋu nusiawo na wo bena, woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖulowo kple ŋusẽwo, eye woaɖo to wo, eye woasu te hena do nyui sia do nyui wɔwɔ: 2Woagagblɔ busunya ɖe amea ɖeke ŋuti o, wòaganye dzrehelawo o; woanye ame fetuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã. 3Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo. 4Ke esime Mawu, mía xɔla ƒe dɔmenyonyo kple amelɔlɔ̃ do la, 5exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me, 6si wòkɔ ɖe mía dzi fũ ŋutɔ to Yesu Kristo, mía xɔla la dzi, 7bena mí amesiwo wotso afia na to eƒe amenuveve me la, míazu agbe mavɔ ƒe domenyilawo le nukpɔkpɔ la nu.
Nufiafia dɔdɔ kple ɖuɖɔ vovovowo.
8Nyateƒenya wònye, eye mele ɖiɖim be, wò la naka ɖe nusiawo dzi, bena amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔwo dzi. Nusiawo nyo, eye wonye viɖenu na amewo. 9Ke si le bometsitsi ƒe anukutsyɔtsyɔwo kple dzidzimenyawo kple dzrehehewo kpakple avuwɔwɔwo le sea ŋuti la nu; elabena womenyo na naneke o, eye wonye yakanuwo. 10Ne èxlɔ̃ nu kɔmamãwɔlaa ɖe zi ɖeka alo zi eve la, nagbee; 11elabena anyae be, amesia tɔgbe gblẽ keŋ, eye wòwɔa nuvɔ̃ hebua fɔ eɖokui.
12Ne medɔ Artema alo Tixiko de gbɔwò la, do vevie be, nava gbɔnye le Nikopoli; elabena meɖoe bena, manɔ afima le vuvɔŋɔli. 13Do mɔ sefiala Zena kple Apolo nyuie, bena naneke nagahiã wo o. 14Ke na mia tɔwo hã nasrɔ̃ dɔ nyui wɔwɔwo dzinɔnɔ hena nu vevi, siwo hiã ame la, bene woagatsi ku matsematse o.
15Amesiwo katã le gbɔnye la, ɖuɖɔ wò ƒã. Ɖuɖɔ amesiwo katã lɔ̃a mí le xɔse me la nam ƒã.
Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã!

Currently Selected:

Tito 3: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in