Ke esime Mawu, mía xɔla ƒe dɔmenyonyo kple amelɔlɔ̃ do la, exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me, si wòkɔ ɖe mía dzi fũ ŋutɔ to Yesu Kristo, mía xɔla la dzi, bena mí amesiwo wotso afia na to eƒe amenuveve me la, míazu agbe mavɔ ƒe domenyilawo le nukpɔkpɔ la nu.