YouVersion Logo
Search Icon

Tito 1

1
Kpɔkplɔyiɖeme.
1Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo le Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple nyateƒe ƒe sidzedze, si le mawusosroɖa me la nu, 2ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme; 3ke eɖe eƒe nya la fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi le gbeƒãɖeɖe, si wòtsɔ de asi nam la me, le Mawu, mía xɔla ƒe sedede la nu, 4ŋlɔ ɖo ɖe Tito, vinye vavã le mí ame eve ƒe xɔse la nu: Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa, si tso Mawu, Fofo la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo, mía xɔla gbɔ la, woana wò!
Le hamemegãwo ɖoɖo kple Kretatɔwo ƒe agbe vlo nɔnɔ ŋuti.
5Eyata megblẽ wò ɖe Kreta, bena naɖo nusiwo susɔ la teƒeteƒe, eye naɖo hamemegãwo le du sia du me, abe alesi mede se na wò la ene: 6Amesi ke nye mokaka manɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka srɔ̃, amesi si vi xɔsetɔ, siwo nu wometso be, wòwɔa nu vlo alo womeɖoa to o la le. 7Elabena ele na dzikpɔla bena, wòanye mokaka manɔŋutɔ, abe Mawu ƒe xɔnuvi ene; Wòaganye ɖokuiŋudzela o, wòaganye dɔmedzoetɔ o, wòaganye aha geɖe nola o, wòaganye ameƒola o, wòagaɖi viɖe ƒoɖi o; 8ke boŋ wòanye amedzrowɔla, nunyuilɔ̃la, ame ɖɔŋuɖo, dzɔdzɔetɔ, kɔkɔetɔ kple ɖokuidziɖula, 9amesi léa nyateƒenya la me ɖe asi le nufiafia la nu, bena wòate ŋu axlɔ̃ nu le nufiafia, si le blibo la me, eye woaka mo na ɖeklemiɖelawo.
10Elabena tosẽla geɖewo kple nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo li, vevietɔ le aʋatsotsotɔwo dome, 11amesiwo nu wòle be, woatsi nya ɖo, amesiwo trɔ ƒome blibo geɖewo ƒe tame hele nu dzodzrowo fiãm le viɖe ƒoɖi ta. 12Wo dometɔ ɖeka, si nye woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖila la, gblɔ be: „Kretatɔwo nye aʋatsokalawo ɖaa, lã vɔ̃ɖiwo, ƒodo wɔkuviawo.“ 13Ɖaseɖiɖi sia nye nyateƒe; le esia ta ka mo na wo vevie, bene woanɔ blibo le xɔse me, 14bene womagaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo kple amesiwo trɔ tso nyateƒe gbɔ la ƒe sededeawo o. 15Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi. 16Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.

Currently Selected:

Tito 1: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in