Timoteo II 4
4
Ŋusẽdodo hena anukwareɖiɖi le dɔwɔwɔ me.
1Mele atam kam na wò, le Mawu kple Yesu Kristo, amesi le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo le eƒe ɖeɖefia kple fiaɖuƒe me la, ƒe ŋku me: 2Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me. 3Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. 4Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ. 5Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuiegblɔla ƒe do, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo. 6Elabena nye la wotsɔm le memem xoxo, eye nye dzodzoɣi la gogo.
Paulo ƒe ʋiʋli kple fiakuku la.
7Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi. 8Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.
Nyadzɔdzɔwo, dɔdasiwo kple ɖuɖɔwo.
9Do vevie be, nava gbɔnye kaba. 10Elabena Dema gblẽm tii, le esi wògalɔ̃ fifi xexe sia me la ŋuti, eye wòyi ele Tesalonika; Kreske yi de Galatia, Tito yi de Dalmatia. 11Luka ɖeɖekoe li kplim. Xo Marko, eye nakplɔe de asi ve; elabena enye kpedeŋutɔ nyui nam le subɔsubɔ gome 12Ke Tixiko ta meɖoe ɖe Efeso. 13Ne egbɔna la, tsɔ awu ʋlaya, si megblẽ ɖe Troa ɖe Karpo gbɔ la, kple agbalẽawo ɖe asi vɛ, vevietɔ lãgbalẽ la. 14Aleksandro, akɔblitula, wɔ vɔ̃ geɖe ɖe ŋunye; Aƒetɔ la aɖo eteƒe ne le eƒe nuwɔnawo nu; 15wò hã kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie le eyama ŋuti; elabena etsi tre ɖe míaƒe nyawo ŋuti ŋutɔ. 16Le ɖokuinye nuɖeɖe gbãtɔ me la amea ɖeke mede dzinye o, ke boŋ wo katã wogblẽm ɖi. Womagabu esia na wo o. 17Ke Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu, eye trɔ̃subɔlawo katã nasee, eye wòɖem le dzata ƒe nu me. 18Eye Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
19Ɖuɖɔ Priska kple Akwila kpakple Onesiforo ƒe aƒe la nam ƒã. 20Erasto nɔ Korinto, Trofimo la, megblẽe ɖe Mileto wòle dɔ lém. 21Do vevie be, nava, hafi ne vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo kple Pude kple Lino kple Klaudia kpakple nɔviwo katã ɖuɖɔ wò ƒã.
22Aƒetɔ Yesu Kristo nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ la! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!
Currently Selected:
Timoteo II 4: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.