YouVersion Logo
Search Icon

Mateo 11

11
Yohanes dɔ eƒe nusrɔ̃la wo ɖe Yesu gbɔ. Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le Yohanes ŋuti.
1Eye wòva me, esi Yesu de se na eƒe nusrɔ̃la wuieveawo vɔ la, edzo le afima, be yeayi aɖafia nu, eye yeagblɔ nya lé woƒe duawo me.
2Ke esi Yohanes le gaxɔ me se Kristo ƒe dɔwɔwɔwo la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be, woaɖagblɔ ne bena: 3Alo wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubua ɖee míakpɔ mɔ na mahã? 4Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Miyi ɖato nusi miese kple nusi miekpɔ la, na Yohanes: 5Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo. 6Eye Woayra amesi ke mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o. 7Ke esi woawo trɔ yina la, Yesu de asi nyagbɔgblɔ me na amehawo le Yohanes ŋuti bena: Nuka kpɔ ge miedo go yi le gbedzi mahã? Alo ayeti, si ya le ʋuʋum mahã? 8Alo nuka kpɔ ge miedo go yii? Alo amesi do awu bɔbɔewoa? Kpɔ ɖa, amesiwo do awu bɔbɔewo la, woawoe le fiawo ƒe aƒewo me. 9Ekema nukaŋuti gɔ̃e mieɖo go ɖo? Alo nyagblɔɖila kpɔ gea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã. 10Eyae nye amesi ŋuti woŋlɔ ɖi le bena: „Kpɔ ɖa, mele ye dɔla dɔm ɖo ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la do le ŋgɔwò.“ 11Vava, mele egblɔm na mi bena: Le amesiwo nyɔnuwo dzi dome la, amea ɖeke metsi tre kpɔ, si wu Yohanes mawutsidetanamela o; gake amesi nye suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me la, wu eyama. 12Eye tso Yohanes mawutsidetanamela ƒe ŋkekeawo dzi vaseɖe egbegbe dzi la woƒo zi ɖe dziƒofiaɖuƒe la ŋuti, eye amesiwo ƒo zi ɖe eŋuti la, woawoe le eham. 13Elabena nyagblɔɖilawo katã kple se la wogblɔ nya ɖi vaseɖe Yohanes dzi. 14Eye ne mielɔ̃ be, yewoaxɔe la, esia nye Eliya, si ke le vava ge la. 15Amesi to senu ti nɛ la, nesee. 16Ke ameka gɔ̃ ŋuti matso egbevi siawo aɖoe mahã? Woɖi ɖevi, siwo bɔbɔ nɔ asi me, eye wole wo towo yɔm 17le gbɔgblɔm bena: Mieku dze na mi, eye mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha na mi, eye mieƒo akɔta o. 18Elabena Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu hã o, eye wogblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. 19Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu hã, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesia enye nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃. Eye nunya la ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.
Vɔ̃dodo na du, siwo metrɔ dzi me o.
20Tete la wòde asi nyahehe me ɖe du, siwo me wòwɔ eƒe ŋusẽdɔ geɖewo wu le la ŋuti, elabena wometrɔ le woƒe dzi me o. 21Vɔ̃ ana wò, Korazin! Vɔ̃ ana wò, Betsaida! Elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewo la, ɖe wowɔ wo le Tiro kple Zidon la, ne wòtrɔ le woƒe dzi me le blema le akpanya kple afi me. 22Eye megale egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Tiro kple Zidon le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi abe miawo ene o. 23Eye wò, Kapernaum, alo menye ɖe wokɔ wo ɖe dzi yi ɖatɔ dziŋgɔli me oa? Woate wò ɖe to vaseɖe tsiẽƒe ke; elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewò la, ɖe wowɔ wo le Sodom la, ne etsi anyi vaseɖe egbegbe. 24Gake megale egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom-nyigba le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi abe wò ene o.
Yesu kafu Fofoa.
25Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo; 26ẽ, Fofo, elabena nenema enyo ŋuwò. 27Fofonye tso nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye amea ɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.
Agbagbadzelawo kpekpe.
28Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. 29Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye míakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. 30Elabena ye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.

Currently Selected:

Mateo 11: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in