Mateo 10
10
Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo, na ŋusẽ wo, eye wòfia nu wo.
1Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va egbɔ, hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo aɖo goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa.
2Apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo nye esiawo: Gbãtɔ enye Simon, si woyɔna be Petro, kple nɔvia Andrea; Yakobo, Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes: 3Filipo kple Bartolomeo: Toma kple Mateo, nudzɔla; Yakobo, si nye Alfeo vi, kple Lebeo, si woyɔna hã be Tadeo; 4Simon Kanatɔ kple Yuda Iskariot, si fia eyome mɔ la hã.
5Nenem me wuieve siawo Yesu dɔ hede se na wo gblɔ bena: Migayi ɖato trɔ̃subɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye migayi ɖe Samariatɔwo ƒe dua ɖeke me hã o; 6ke miyi ɖe Israel ƒe me alẽ, siwo bu la, gbɔ boŋ. 7Eye ne miele yiyim la, miɖe gbe ƒã gblɔ bena: „Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!“ 8Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae. 9Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o; 10nagatsɔ mɔzɔkotoku alo awu eve, atokotawo alo atizɔti o; elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu. 11Ke ne miayi ɖe ɖu alo kɔƒea ɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie; eye minɔ afima, vaseɖe esime miadzo. 12Eye ne mieyi aƒea me la, mido gbe na wo. 13Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi. 14Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma alo du ma me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi. 15Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom- kple Gomora-nyigba la le ʋɔnudrɔ̃gbe la, abe nenem du ma ene o. 16Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene. 17Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo; 18eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo. 19Eye ne wode mi asi la, migaɖe fu na mia ɖokui be, aleke alo nuka gblɔ ge míala o; elabena le nenem gaƒoƒo ma me la woana nusi ke gblɔ ge míala la mi. 20Elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ mia Fofo ƒe Gbɔgbɔ lae nye amesi le nu ƒom le mia me? 21Nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade vi asi, ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eve woatsɔ wo ana woawu 22Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe. 23Ne woti mia yome le du sia me la, nusi yi ɖe bubua ɖe me; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Miele Israel-duawo nu wu ge, hafi amegbetɔvi la nava o.
24Nusrɔ̃la mewua nufiala o, eye subɔla hã mewua eƒe aƒetɔ o. 25Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui? 26Eyaŋuti migavɔ̃ wo o, elabena naneke meli wotsyɔ nu edzi, si womelé ɖeɖe ge afia o; eye wometsɔ naneke hã ɣla, si womete nyanya ge o. 27Nusi gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nusi ke Sem miele ɖe to me la, miɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me. 28Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me. 29Alo wometsɔa atsutsurɔe eve ƒlena xɔa hotsui ewo oa? Eye ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔa ɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o; 30ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe! 31Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ. 32Azɔ amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me; 33ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.
34Migaɖu xa bena, meva tomefafa na ge le anyigba dzi o, nyemeva tomefafa na ge o, negbe yi boŋ. 35Elabena meva ame kple fofoa, vinyɔnuvi kple dadaa, ŋutsuvi srɔ̃ kple lɔ̃xoa dome mã ge; 36eye ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo. 37Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o. 38Eye amesi ke metsɔ eƒe atitsoga ɖo eɖokui dzi dze yonyeme o la, eya medzem o. 39Amesi ke ɖe eƒe agbe la, eya labui; eye amesi ke bu eƒe agbe le tanye la, eya lakpɔe. 40Amesi ke xɔa mi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke xɔam la, exɔ amesi dɔm ɖa. 41Amesi ke xɔa nyagblɔɖila le nyagblɔɖila ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ nyagblɔɖila ƒe fetu; eye amesi ke xɔa ame dzɔdzɔe le ame dzɔdzɔe ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ ame dzɔdzɔe ƒe fetu. 42Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.
Currently Selected:
Mateo 10: EWERV
Highlight
Share
Copy
![None](/_next/image?url=https%3A%2F%2Fimageproxy.youversionapi.com%2F58%2Fhttps%3A%2F%2Fweb-assets.youversion.com%2Fapp-icons%2Fen.png&w=128&q=75)
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.