YouVersion Logo
Search Icon

Yakobo 5

5
Le kesinɔnuwo ƒe amebeble ŋuti.
1Azɔ la miheyi, mi kesinɔtɔwo; mifa avi, eye mido wuwui le miaƒe nublanuitɔnyenye, si le mia dzi va ge la ŋuti! 2Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ, eye agbagblaʋuiwo ɖu miaƒe awuwo. 3Miaƒe sika kple klosalo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle atrɔ zu ɖaseɖiɖi na mi, eye woaɖu miaƒe lãme keŋ abe dzo ene. Mieƒo nu nyuiwo nu ƒu le nuwuwu ŋkekeawo me. 4Kpɔ ɖa, dɔwɔla, siwo ŋe miaƒe agblemenuwo la ƒe fetu, si miegbe wo nana la, le ɣli dom, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodoawo va Zebaot, Aƒetɔ la, ƒe towo me. 5Mieɖu nu vivi le anyigba dzi, eye miewɔ fewunuwo, mienyi miaƒe dziwo de wuwugbe la. 6Miebu fɔ ame dzɔdzɔe la, eye miewui, eye metsi tre ɖe mia ŋuti o.
Le dzigbɔgbɔ blewu ɖe nɔviawo ŋu ŋuti.
7Eyaŋuti migba dzi blewu, nɔvinyewo, halase Aƒetɔ la ƒe vavagbe. Kpɔ ɖa, agbledela lalaa anyigba dzi nuʋaʋã xɔasiwo, eye wògbɔa dzi blewu, halase esime ada kple kele dzana nɛ. 8Miawo hã migbɔ dzi blewu, mido ŋusẽ miaƒe dziwo; elabena Aƒetɔ ƒe vavaɣi ɖo vɔ. 9Nɔviwo, migaɖu tse de mia nɔewo ŋuti o, bene womagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; kpɔ ɖa, ʋɔnudrɔ̃la la le tsitre ɖe ʋɔtru la nu. 10Nɔvinyewo, mitsɔ nyagblɔɖila, siwo ƒoa nu le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me la, ƒe fukpekpewo kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu wo miaƒe kpɔɖeŋu. 11Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dometɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.
Le nutàta le susu wodzui me ŋuti.
12Ke wu wo katã la, nɔvinyewo, migatà nu o, eɖanye dziƒo alo anyigba alo nutàta bubua ɖeke o; ke miaƒe ẽ nanye ẽ, eye miaƒe o nanye o, ne miagadze ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.
Gbedodoɖa ƒe ŋusẽ.
13Ne mia dome amea ɖe le fu kpem la, nedo gbe ɖa; ne amea ɖe kpɔ dzidzɔ la, nedzi kafukafuhawo. 14Ne mia dome amea de ƒe lãme gblẽ la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye wòasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me. 15Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewo nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee. 16Miʋu mia nuvɔ̃wo me na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, bene miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe, si nu sẽna la, tea ŋu woa nu geɖe. 17Eliya nye ame, eye nu venɛ abe míawo ene, eye wòɖo gbea ɖe ɖa, bena tsi nagadza o, eye tsi megadza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade sɔŋ. 18Eye wògado gbe ɖa, eye dziƒo na tsi dza, eye anyigba gatse eƒe kutsetse.
Lɔlɔ̃ na mɔtrelawo.
19Nɔvinyewo, ne mia dome amea de tre mɔ tso nyateƒe la gbɔ, eye amea de gatrɔe vɛ la, 20nena woanyae bena, amesi trɔa nuvɔ̃wɔla tsoa eƒe mɔtatra me la, laxɔ luʋɔ ɖe agbe tso ku me, eye wòatsyɔ nu nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.

Currently Selected:

Yakobo 5: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in