Petro I 1
1
Kpɔkplɔyiɖeme.
1Petro, Yesu Kristo ƒe apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amedzro, siwo ka hlẽ ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia, amesiwo nye ame tiatiawo 2le Mawu Fofo la ƒe nunyanyaɖi la nu le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ me hena toɖoɖo kple Yesu Kristo ƒe ʋuhehlẽ: Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi!
Apostolo la kafu Mawu le xɔsetɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ kple yayra ŋuti.
3Woakafu Mawu, mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, 4hena domenyinyi magblẽmagblẽ, maƒoɖi, maluxe, si wodzra ɖo ɖi le dziƒo na mi, 5amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi, 6si me miatso aseye le, wònye ele na mi be, miaxa nu azɔ ɣeyiɣi ʋeea ɖe le tetekpɔ bubu ƒomeviwo me hafi, 7bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me; 8amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye, 9esime miexɔa miaƒe xɔse ƒe nuwuwu, si nye miaƒe luʋɔwo ɖeɖe. 10Ɖeɖe sia yome mɔ nyagblɔɖila, siwo gblɔ nya ɖi le amenuveve, si le mia dzi va ge ŋuti la, ɖi vevie, eye wodzro eme kpɔ tsitotsito; 11wodzro azãgbe kple azãgbe, si ƒomevi Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si le wo me la, laɖe afia la me kpɔ, esime wòɖi ɖase tsã le fukpekpe, siwo le Kristo dzi va ge, kple ŋutikɔkɔe, si le wo yome dze ge la ŋuti. 12Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.
Le zɔzɔ nyui ŋuti.
13Eyata mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, mina mo xexi, eye mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve, si wotsɔna vaa mia gbɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi blibo 14eye abe vi ɖotowo ene migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi tsãtɔ, si me mienɔ le miaƒe nudzodzrowo me, le numanyamanya me la o, 15ke boŋ abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me; 16elabena woŋlɔ bena: „Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.“ 17Eye ne mieyɔ amesi mekpɔ ame ŋku me o, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu ɖe amesiame ƒe dɔwɔwɔ nu la, ƒe ŋkɔ dzi abe Fofo ene la, ekema mizɔ le miaƒe amedzronyenye ƒe ɣeyiɣi la me le vɔvɔ̃ me; 18elabena mienyae bena, menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o, 19ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene, 20amesi wonya ɖi tsã, hafi woɖo xexeame gɔme anyi; gake woɖee ɖe go fia le ɣeyiɣia ƒe nuwuwu le mia ta, 21mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.
22Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me. 23Elabena wogbugbɔ mi dzi, menye tso dzidzi gbegblẽ me o, ke boŋ tso dzidzi magblẽmagblẽ me heto Mawu ƒe nya gbagbe, si noa anyi tegbetegbe la me. 24Elabena „ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna; 25ke Aƒetɔ ƒe nya la noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.“ Ke esiae nye nya, si wogblɔ fia mi.
Currently Selected:
Petro I 1: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.