Yakobo 2
2
Xɔse vavã mekpɔa ame ŋku me o.
1Nɔvinyewo, migatsɔ ame ŋkumekpɔkpɔ lé Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, tsi nye ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la, ƒe dzixɔse me ɖe asi o. 2Elabena ne ŋutsua ɖe de sikasigɛ asi, eye wòɖo awu nyui heva yi ɖe miaƒe ƒuƒoƒe, eye ame dahea ɖe hã do awu ƒoɖi va me, 3eye mielé ŋku ɖe amesi do awu nyui la ŋu, eye miegblɔ bena: Wò la bɔbɔ nɔ teƒe nyui sia, eye miegblɔ na ame dahe la bena: Wò la tsi tre ɖe afima alo bɔbɔ nɔ afii le nye afɔɖodzinu te la, 4ɖe miede vovo amewo dome le mia ɖokui me, eye miezu tamesusu vɔ̃wo ʋɔnudrɔ̃lawo o mahã? 5Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã? 6Ke miawo la miedo vlo ame dahe la. Ɖe menye kesinɔtɔwo sẽa ŋuta le mia ŋuti, eye menye woawoe hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã? 7Ɖe menye woawo kee gblɔa busunya ɖe ŋkɔ nyui, si wotsɔ yɔ mi la ŋuti o mahã? 8Ne miewu fiasedede la nu le ŋɔŋlɔ la nu be: „Nalɔ̃ hawòvi, abe alesi nèlɔa ɖokuiwò ene la,“ ekema miewɔe nyuie. 9Ke ne miele ame ŋku me kpɔm la, miewɔ nuvɔ̃, eye se la ƒoe ɖe mia nu miedze sii be, sedzidalawo míenye. 10Elabena amesi ke alé se blibo la me ɖe asi, ke woada ɖeka dzi la, eda vo ɖe wo katã ŋuti. 11Elabena amesi gblɔ bena: „Megawɔ ahasi o la,“ egblɔ hã bena: „Megawu ame o!“ Azɔ ne mèwɔ ahasi o, ke nèwu ame la, ètrɔ zu sedzidala. 12Miƒo nu ale, eye miwɔ nu ale, abe amesiwo woatsɔ ablɔɖese la adrɔ̃ ʋɔnui ene. 13Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.
Xɔse vavã ɖea eɖokui fiana toa dɔwɔwɔ me.
14Nɔvinyewo, ne amea ɖe gblɔ be, xɔse le ye si, ke dɔwɔwɔwo mele esi o la, viɖe ka wònye mahã? Ɖe xɔse ma ate ŋu axɔe ɖe agbe mahã? 15Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le amama, eye gbesiagbe nuɖuɖu le wo hiãm, 16eye mia dome amea ɖe gblɔ na wo bena: Miheyi le ŋutifafa me, miƒu dzo, eye miɖu nu ɖi ƒo, gake miena nusiwo hiã ŋutilã o la, viɖe ka wònye mahã? 17Nenema ke xɔse hã, ne dɔwɔwɔwo mele eŋu o la, enye nu kuku le eɖokui me. 18Ke amea ɖe lagblɔ bena: Wò la xɔse le asiwò, eye nye la dɔwɔwɔwo le asinye. Fia wò xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ lam, eye nye hã mafia nye xɔse wò to nye dɔwɔwɔwo me. 19Wò la èxɔnɛ sena bena, Mawu ɖekae li; èwɔe nyuie; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔnɛ sena, eye wodzona nyanyanya. 20Ke, wò ame gbɔlo, ɖe nèle didim be, yeanyae bena, xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ la enye nu kuku mahã? 21Ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia na mía fofo Abraham, le esime wòtsɔ via Isak ɖo vɔsamlekpui dzi o mahã? 22Ekpɔ bena, xɔse wɔ dɔ kpe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, eye wotsɔ dɔwɔwɔwo wɔ xɔse la blibo. 23Eye ale wowu ŋɔŋlɔ, si gblɔ bena: „Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenye la“ nu enye esi, eye wòyɔe be Mawu xɔlɔ̃. 24Miekpɔ bena, wotsɔ dɔwɔwɔwo tso afia na ame, eye menye xɔse ɖeɖekoe o. 25Nenema ke Raxab, gbolo la hã, ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia nɛ, le esi wòxɔ ame dɔdɔwo, eye wòna woto mɔ bubu dzo la ŋuti o mahã? 26Elabena abe alesi ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.
Currently Selected:
Yakobo 2: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.