YouVersion Logo
Search Icon

Yakobo 1

1
Xaxa ƒe yayra.
1Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, do gbe na ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la. 2Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ, 3esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo. 4Ke dzidodo la nakpɔ eƒe dɔwɔwɔ blibo, bena mianye ame blibowo keŋkeŋ, eye naneke nagahiã mi o.
5Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ. 6Ke meɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖia ɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la. 7Elabena ame kema nagasusu be, yeakpɔ nane atso Aƒetɔ la gbɔ o; 8ŋutsu dzimevesusula melina sesĩe le eƒe mɔwo katã dzi o.
9Ke nɔvi, si nye ɖokuibɔbɔɖeanyila la, naƒo adegbe le eƒe kɔkɔɖedzi me; 10kesinɔtɔ la naƒo adegbe le eƒe bɔbɔdeanyi me; elabena enu ava yi abe gbe ƒe seƒoƒo ene. 11Elabena ɣe dzena kple ŋdɔbibi, eye wònana gbe la ƒuna, eye eƒe seƒoƒo laduduna, eye eƒe nɔnɔme nyui la gblẽna: Nenema ke kesinɔtɔ hã le yɔyrɔ ge le eƒe zɔzɔ me.
12Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.
Nuvɔ̃ ƒe ke.
13Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea amea ɖeke kpɔna o. 14Ke wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ; 15emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku.
16Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, migana woable mi o: 17Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa ɖeke meli o. 18Le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ta wòtsɔ nyateƒenya la dzi mi, bena míanye eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ.
Mawunyasese kple edziwɔwɔ.
19Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minya esia: Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me; 20elabena ame ƒe dziku mewɔa Mawu ƒe nu dzɔdzɔe o. 21Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la.
22Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o! 23Elabena ne amea ɖe nye nyasela, eye menye edziwɔla o la, eyama ɖi ŋutsua ɖe, si kpɔ eƒe dzɔdzɔmeme le ahũhɔ̃e me. 24Elabena ekpɔ eɖokui dze sii, eye wòdzo heyi, eye enumake la eŋlɔ alesi wòle la be. 25Ke amesi kpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, eye wònɔ edzi la, eya menye nyasela, si ŋlɔa nu be o, ke boŋ dɔ ƒe wɔla, eye woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me. 26Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro. 27Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.

Currently Selected:

Yakobo 1: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in