YouVersion Logo
Search Icon

Hebritɔwo 10

10
Ŋusẽ, si le Kristo ƒe avuléku me.
1Elabena esi wònye nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli koe li na se la, eye menye nuawo ƒe nɔnɔme vavã o ŋuti la, eyata ƒe sia ƒe vɔsasa, siwo wotsɔna nana ɖaasi la, mate ŋu awɔ amesiwo tena va egbɔ la, blibo gbeɖegbeɖe o; 2ɖe mele nenema o la, ne womadzudzɔ vɔsasa, le esi wokɔ amesiwo nɔa Mawu subɔm la ŋuti zi ɖeka, ale bena nuvɔ̃wo nyanyaa ɖeke maganɔ wo ŋu o la ta o mahã? 3Ke vɔsasa mawo ɖoa ŋku nuvɔ̃wo dzi na ame ƒe sia ƒe; 4elabena nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o. 5Eyata esime wòva xexeame la, wògblɔ be: „Vɔsawo kple nunanawo mèdi o, ke boŋ ŋutilã nèdzra ɖo nam; 6numeme blibowo kple nuvɔ̃vɔsawo medzea ŋuwò o. 7Tete megblɔ be: Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋutinye be, oo Mawu, wò lɔlɔ̃nu mawɔ!“ 8Esi wògblɔ be: „Vɔsawo kple nunanawo kple numeme blibowo kple nuvɔ̃vɔsawo“ — siwo wotsɔna vanɛ le sea nu la — „mèdi wo o, eye womenyo ŋuwò hã o,“ 9tete wògblɔ be: „Kpɔ ɖa, megbɔna, be mawɔ wò lɔlɔ̃nu! Eɖe nu gbãtɔ ɖa, be yeaɖo evelia anyi; 10lɔlɔ̃nu sia me wokɔ mía ŋu le zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu to Yesu Kristo ƒe ŋutilãtsɔtsɔna me.
11Eye nunɔla sia nunɔla nɔa tsitre gbesiagbe henɔa Mawu subɔm, eye wònɔa vɔsa mawo ke, siwo mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa akpɔ o la, tsɔm nɔa nanam agbadre; 12ke eya la, esime wotsɔ vɔsa ɖeka na ɖe nuvɔ̃wo ta megbe la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me tegbetegbe, 13eye tso ekema dzi la ele lalam, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo awɔ eƒe afɔɖodzinui. 14Elabena vɔsa ɖeka wòtsɔ wɔ amesiwo ŋuti wokɔ la blibo halase tegbe. 15Ke Gbɔgbɔ kɔkɔe hã ɖi ɖase le eŋuti na mí; 16elabena esime wògblɔ be: „Esiae nye nu, si mabia kpli wo le ŋkeke siawo megbe la, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe dziwo me, eye woƒe tame hã maŋlɔ wo ɖo, 17eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo kple woƒe vodadawo o.“ 18Ke afisi nuvɔ̃wo ƒe keke le la, vɔsa ɖe nuvɔ̃wo ta meganɔnɛ o.
19Azɔ, nɔviwo, esi dzideƒo le mía si, be míayi ɖe kɔkɔeƒe la me to Yesu ƒe ʋu la me, 20eyae nye mɔ, si ŋuti wokɔ na mí, be wòanye mɔ yeye gbagbe, si to xɔmetsovɔ me, eyae nye eƒe ŋutilã; 21eye esi nunɔlagã, si le Mawu ƒe aƒe nu la, le mia si ŋuti la, 22mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene; 23mina míalé mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu ɖe asi sesĩe, bene magaʋã o; elabena amesi na ŋugbedodo la, enye nuteƒewɔla; 24eye míalé ŋku ɖe mia nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, 25eye míagagblẽ mía ŋutɔwo miaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi amea ɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.
26Elabena ne miexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o, 27ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo ƒe ŋuʋaʋã, si afiã adikãtɔwo ɖa keŋ la, koe li. 28Ne amea ɖe do vlo Mose ƒe sea la, ekuna nublanui makpɔmakpɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu; 29fetu vɔ̃ wu ka miele susum be, adze amesi tu afɔ Mawuvi la dzi, eye wobu nubabla ƒe nu, si wotsɔ kɔ eŋuti la, nu makɔmakɔa, eye wòdo vlo amenuvevegbɔgbɔ la mahã? 30Elabena míenyae amesi gblɔ be: „Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe;“ eye wògagblɔ be: „Yehowa adrɔ̃ nɔnu eƒe dukɔ la.“ 31Enye ŋɔdzinu, ne amea ɖe ge ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.
32Ke miɖo ŋu tsã ŋkeke, siwo me miedo dzi le heʋli geɖe le fukpekpewo me, le esime woklẽ ɖe mia me megbe la; 33eye wotsɔ ŋukpedodowo kple xaxawo wɔmi du ƒe nukpɔkpɔ, eye míezu amesiwo wowɔ nenema ke la ƒe hadelawo. 34Elabena gatɔwo hã ƒe nu wɔ nublanui na mi, eye miedo dzi kple dzidzɔ le mia ŋutinuwo haha me, esi mienya bena, ŋutinu, siwo nyo wu, eye wonɔa anyi ɖaa la, li na mi le dziƒo. 35Eyata migatsɔ miaƒe dzideƒo, si teƒeɖoɖofetu gã li na la, ƒu gbe o. 36Elabena dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la. 37„Elabena esusɔ ʋee ko, tete amesi gbɔna la, nava, eye mahe ɖe megbe o; 38ke ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.“ 39Ke miawo míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe ɖe gbegblẽ me la dometɔwo o, ke boŋ amesiwo xɔnɛ sena hena luʋɔ xɔxɔ la dometɔwo míenye.

Currently Selected:

Hebritɔwo 10: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in