Hebritɔwo 1
1
Kristo, Mawuvi la, ƒo mawudɔlawo ta.
1Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me, 2amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila, amesi hã dzi wòto wɔ xexeame, 3amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo; 4eye zi geɖe alesi wòƒo mawudɔlawo ta le ŋkɔ gã xɔxɔ me la, zi geɖe ma ke wòzu gã wu wo. 5Elabena mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpo bena: „Vinye nènye, egbea medzi wò“ mahã? Eye wògagblɔ bena: „Nye la manye Fofo nɛ, eye eya hã lanye Vi nam“ mahã? 6Ke ne egakplɔ ŋgɔgbevi la va xexeame la, egblɔ bena: „Eye Mawu ƒe dɔlawo katã woade ta agu ne.“ 7Eye wògblɔ le mawudɔlawo ŋuti bena: „Etso eƒe dɔlawo wɔ yawo, eye wòtsɔ eƒe subɔlawo wo dzo ƒe aɖewo;“ 8ke egblɔ le Via ŋuti bena: „Mawu, wò fiazikpui nɔa anyi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, fiatikplɔ dzɔdzɔe enye wò fiaɖuɖu ƒe fiatikplɔ. 9Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèlea fu madzɔmadzɔnyenye; eyata Mawu, wò Mawu la, tsɔ dzidzɔmi si na wò wu wò hatiwo. 10Aƒetɔ, wòe ɖo anyigba gɔme anyi le gɔmedzedzea me, eye dziƒowo nye wò asinudɔwɔwɔwo. 11Woamawo nu ayi, ke wò la ànɔ anyi ɖaa: eye wo katã anyunyɔ abe avɔ ene, 12eye aɖo li wo woaɖɔ abe awu ene; gake wò la nenema ko nèle, eye wò ƒewo nu metsona o. 13Ke mawudɔlawo dome ameka wògblɔ na kpɔ bena: „Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui“ mahã? 14Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?
Currently Selected:
Hebritɔwo 1: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.