YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 5

5
Fofo gãwo ƒe dzidzimegbalã tso Adam dzi vaseɖe Noa dzi.
1Esia nye Adam ƒe dzidzimeviwo ŋutinyagbalẽ. Esi Mawu wɔ Adam la, ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. 2Ewɔ wo wonye ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo: eye wòna ŋkɔ wo bena „ame“ le gbesigbe wòwɔ wo. 3Eye esi Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ la, edzi ŋutsuvia ɖe, si ɖii, eye wòyɔe bena Set. 4Esi Adam dzi Set megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 5Eye Adam ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaetɔ̃, eye woku. 6Eye esi Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ la, edzi Enos. 7Esi Set dzi Enos megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 8Eye Set ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple wuieve, eye wòku. 9Eye esi Enos xɔ ƒe blaasieke la, edzi Kenan. 10Esi Enos dzi Kenan megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple wuiatɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 11Eye Enos ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple atɔ̃, eye woku. 12Eye esi Kenan xɔ ƒe blaadre la, edzi Mahalalel. 13Esi Kenan dzi Mahalalel megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blane, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 14Eye Kenan ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple ewo, eye woku. 15Eye esi Mahalalel xɔ ƒe blaade vɔ atɔ̃ la, edzi Yered. 16Esi Mahalalel dzi Yered megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 17Eye Mahalalel ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa enyi kple blaasieke vɔ atɔ̃, eye woku. 18Eye esi Yered xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaade vɔ eve la, edzi Henox. 19Esi Yered dzi Henox megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 20Eye Yered ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaade vɔ eve, eye woku. 21Eye esi Henox xa ƒe blaade vo atɔ̃ la, edzi Metusala. 22Esi wòdzi Metusala megbe la, Henox zɔ kple Mawu ƒe alafa etɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 23Eye Henox ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa etɔ̃ kple blaade vɔ atɔ̃. 24Esi Henox zɔ kple Mawu ta la, ebu vĩ, elabena Mawu kplɔe dzoe. 25Eye esi Metusala xɔ ƒe alafa ɖeka kple blanyi vɔ adre la, edzi Lamex. 26Esi Metusala dzi Lamex megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa adre kple blanyi vɔ eve, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 27Eye Metusala ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaade vɔ asieke, eye wòku. 28Eye esi Lamex xɔ ƒe alafa ɖeka kple blanyi vɔ eve la, edzi ŋutsuvia ɖe. 29Eye wòna ŋkɔe bena Noa, elabena egblɔ be: Ame sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple fuɖeɖewo me le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi. 30Esi Lamex dzi Noa megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ kple blaasieke vɔ atɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 31Eye Lamex ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa adre kple blaadre vɔ adre, eye wòku. 32Esi Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ la, edzi Sem, Xam kple Yafet.

Currently Selected:

Mose I 5: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in