YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 4

4
Adam viŋutsuwo.
1Eye Adam ɖo kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu dzi Kain, eye wògblɔ bena: Yehowa ɖi nam be, medzi ŋutsu. 2Emegbe la edzi enɔvia Habel, eye Habel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela. 3Esia megbe la eteƒe medidi o, Kain tsɔ agblemenua ɖewo wɔ vɔsae na Yehowa. 4Habel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo dami la ƒe ɖewo vɛ. Eye Habel kple eƒe nunana dze Yehowa ŋu; 5ke Kain kple eƒe nunana ya medze eŋu o. Eye Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã. 6Tete Yehowa gblɔ na Kain bena: Nukaŋuti nèle dzi bim, eye nukaŋuti nèle adã ɖom? 7Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tamea ɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi!
Kain wu nɔvia.
8Esia megbe la Kain gadɔ nu kple nɔvia Habel. Ke eva ve me bena, esime wole gbe me la, Kain tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui. 9Tete Yehowa gblɔ na Kain bena: Afika noviwò Habel le? Eye wòɖo ŋu nɛ be: Nyemenyae o! Alo nɔvinye dzikpɔla menyea? 10Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka enye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la ƒe gbe le ɖiɖim tso anyigba dzi mese! 11Azã la woaƒo fi ade wò, adzo le anyigba, si ke eƒe nu xɔ nɔviwò ƒe ʋu le asiwò no la dzi. 12Ne eŋlɔ anyigba la, megale nu ʋẽ ge na wò o; tsatsala kple godzela nanye le anyigba dzi! 13Eye Kain gblɔ na Yehowa bena: Nye vodada la kpe wu nye tsɔtsɔ. 14Wòe nyãm egbe tso agbledenyigba la dzi; madzo le wò ŋkuta anye tsatsala kple godzela le anyigba dzi, eye ava me bena, amesiame, si akpɔm la, awum. 15Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Eyata amesiame, si awu Kain la, woabia hlɔ̃e zi gbɔ zi adre. Eye Yehowa de dzesi Kain, bena amesiame, si ado goe la, nagawui o. 16Eye Kain dzo le Yehowa ƒe ŋku me, eye wòva nɔ Nod-nyigba dzi le Eden ƒe ɣedzeƒe gome.
Kain ƒe dzidzimeviwo
17Eye Kain da kple srɔ̃a, eye wòfɔ fu dzi Henox. Eye wòtso du, tso via ƒe ŋkɔ na du la bena Henox. 18Eye wodzi Irad na Henox, eye Irad dzi Mehuyael, eye Mehuyael dzi Metusael, eye Metusael dzi Lamex. 19Ke Lamex ɖe srɔ̃ eve; ɖeka ŋkɔ enye Ada, eye evelia ŋkɔ enye Zila. 20Eye Ada dzi Yabal, amesi nye agbadɔ me nɔlawo kple lãnyilawo fofo. 21Enɔvia ŋkɔ nye Yubal, amesi nye saŋkuƒolawo kple dzekulawo fofo. 22Eye Zila hã dzi Tubalkain, amesi nye akɔbli- kple gaŋudowolawo fofo; eye Tubalkain nɔvinyɔnu ŋkɔ nye Naama. 23Eye Lamex gblɔ na srɔ̃wo bena: Ada kple Zila, miɖo to nye gbe; mi Lamex srɔ̃wo, mise ye nyawo! Vavã, mewu ŋutsu ɖe nye abi teƒe kple ɖekakpui ɖe nye dodro teƒe. 24Elabena wòbia hlɔ̃ Kain zi adre, ke Lamex la zi blaadre vɔ adre.
Set kple Enos.
25Eye Adam gadɔ kple srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Set; elabena egblɔ be: Mawu ɖo dzidzime bubu Habel, amesi Kain wu la teƒe nam. 26Eye wodzi ŋutsuvi na Set hã, eye wòna ŋkɔe bena Enos. Le ɣemaɣi me la wode asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me.

Currently Selected:

Mose I 4: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in