YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 26

26
Mawu do ŋugbe na Isak le Gerar.
1Ke do to le anyigba la dzi, abe alesi wòto le Abraham ŋɔli ene; tete Isak ʋu yi ɖe Filistitowo ƒe fia Abimelex gbɔ le Gerar. 2Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ bena: Megayi Egipte o, ke boŋ na anyigba, si mafia wò la dzi! 3Nye amedzro le anyigba sia dzi, eye manɔ anyi kpli wò, eye mayra wò. Elabena matsɔ anyigba blibo la katã ana mia kple wò dzidzimeviwo, eye mawɔ atam, si meka na fofowò Abraham la dzi. 4Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã ana wò dzidzimeviwo, eye le wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le. 5Elabena Abraham ɖo to nye gbe, eye wòwɔ nye se, nye ɖoɖo kple nye mɔnufiame, siwo megblɔ nɛ la dzi.
Se, si Abimelex de le Rebeka ŋu.
6Eye Isak nɔ Gerar. 7Ke esi afima ŋutsuwo bia srɔ̃a ta se la, egblɔ bena, ye nɔvinyɔnue. Elabena ele vɔvɔ̃m be, ne yeʋu me be, ye srɔ̃e la, ekema afima ŋutsuwo awu ye le ye srɔ̃ Rebeka ta; elabena edze tugbe ŋutɔ. 8Eye esi wonɔ afima eteƒe didi la, gbe ɖeka Filistitɔwo ƒe fia Abimelex kpɔ, alesi Isak kple srɔ̃a Rebeka wole fefemi, to fesre nu. 9Tete Abimelex yɔ Isak hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, srɔ̃wo wònye tso! Menye wòe gblɔ bena, ye nɔvinyɔnue oa? Isak ɖo ŋu nɛ bena; Elabena mele vɔvɔ̃m be, woawum le eta. 10Eye Abimelex gblɔ nɛ bena: Nuka enye si nèwɔ ɖe mía ŋu? Esusɔ vie vinyewo dometɔ ɖeka de asi srɔ̃wòa ŋu kloe, eye ahe dzɔgbevɔ̃e gãa ɖe ava mía dzi. 11Tete Abimelex de se na eƒe dukɔ blibo la katã bena: Amesi ke awɔ nane ɖe ŋutsu sia kple srɔ̃a ŋu la, woawui.
Isak kpɔ kesinɔnuwo, eye Filistitɔwo ʋã ŋui.
12Eye Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi eye wòŋe nu le ƒe ma me wòdzi ɖe dzi zi alafa ɖeka sɔŋ, elabena Yehowa yrae. 13Ale ŋutsu la kpɔ nu gakpɔ nu ɖe dzi, vaseɖe esime woɖo kpo le eme. 14Eye wòkpɔ alẽhawo kple nyihawo hekpe ɖe kluvi geɖewo ŋuti, ale bena Filistitowo ʋã ŋui. 15Vudo, siwo katã fofoa ƒe dɔlawo ɖe le fofoa Abraham ŋɔli la, Filistitɔwo yi ɖaxe wo, eye wole anyi ɖe wo me taŋ. 16Eye Abimelex gblɔ na Isak bena: Dzo le mía gbɔ, elabena ekpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi akpa! 17Tete Isak ʋu le afima ɖatu eƒe agbadɔ ɖe Gerar bali me, eye wònɔ afima. 18Eye Isak na wogaha vudo, siwo woɖe le fofoa Abraham ŋɔli, eye Filistitɔwo va xe wo, le Abraham ƒe ku megbe la me, eye wògatsɔ ŋkɔ na wo, abe alesi fofoa yɔ wòe ene. 19Eye Isak ƒe dɔlawo ɖe vudo ɖe bali la me, eye wotu tsi dzidzi le afima. 20Ke Gerartɔwo ƒe lãnyilawo wɔ dzre kple Isak ƒe lãnyilawo gblɔ bena: Mía tɔe nye; tsi la. Eyata wòna ŋkɔ vudo la be Esek, elabena wowɔ dzre ɖe eta. 21Eyome la wogaɖe vudo bubu, eye wogawɔ dzre ɖe eya hã ta; eyata wòna ŋkɔe bena Sitma. 22Eye wòʋu le afima ɖo ta ŋgɔ, eye wòɖe vudo bubu; ke womewɔ dzre ɖe eya ta o; eyata wòna ŋkɔe be Rehobot hegblɔ be: Azɔ Yehowa na nɔƒe mí, bena míakeke ta ɖe anyigba la dzi. 23Emegbe la eʋu le afima va Beer-Seba. 24Tete Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me gblɔ bena: Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu! Megavɔ̃ o, elabena nye la meli kpli wò; mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le nye dɔla Abraham ta. 25Tete wòɖi vɔsamlekpui heyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ dzi le afima, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe afima. Emegbe Isak fe dɔlawo ɖe vudo ɖe afima hã.
26Gbe ɖeka Abimelex kple xɔlɔ̃a Ahusat kple eƒe aʋafia Pixol wotso Gerar va egbɔ. 27Eye Isak gblɔ na wo bena: Nuka ta mieva gbɔnye ɖo, esi mielé fum, eye mienyãm le mia gbɔ? 28Wogblɔ nɛ bena: Míekpɔ dze sii keŋ bena, Yehowa li kpli wò; eyata míegblɔ be, anyo be, míaka atam na mía nɔewo, eye míabla nu kpli wò, 29be nagawɔ vɔ̃a ɖeke mi o, abe alesi miawo hã miewɔ naneke wò o, ke boŋ nyui sɔŋ ko miewɔ na wò, eye miena nedzo le ŋutifafa me la ene, elabena amesi Yehowa yra nènye. 30Emegbe eɖo kplɔ̃ na wo, woɖu nu, eye wono nu. 31Esi ŋu ke la, woka atam na wo nɔewo, eye Isak do mɔ wo, eye wodzo le egbɔ le ŋutifafa me. 32Gbemagbe ke Isak ƒe dɔlawo va gblɔ nɛ le vudo, si woɖe la ŋuti be: Mieke ɖe tsi ŋu! 33Eye wòna ŋkɔe be Siba, eyata du la ƒe ŋkɔ nye Beer-Seba vaseɖe egbegbe.
Esau ɖe srɔ̃.
34Ke esi Esau xɔ ƒe blane la, eɖe Xititɔ Beervii ƒe vinyɔnu Yudit kple Xititɔ Elon ƒe vinyɔnu Basmat. 35Woawo zu nuxaxa gãa ɖe na Isak kple Rebeka.

Currently Selected:

Mose I 26: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in