Dɔwɔwɔwo 9
9
Saul ƒe dzimetɔtrɔ kple nusiwo va ve me le Damasko kple Yerusalem.
1Ke Saul, si galé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti la, yi ɖe nunɔlagã gbɔ, 2eye wòbia agbalẽwoe bena, yeayi Damasko ɖe ƒuƒoƒeawo me, ne yeakpɔ amesiwo le nenem mo sia dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo la, ne yeabia wo akplɔ va Yerusalem. 3Ke esi wòle mea dzi, eye wògogo Damasko la, kasia keklẽ tso dziƒo klẽ ƒo xlãe; 4eye wòdze anyi, eye wose gbea ɖe le gbɔgblɔm ne bena: Saul, Saul, nuka wo nèle yonyeme tima? 5Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle; asẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu. 6Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò. 7Ke ŋutsu, siwo le mɔ zɔm kplii la, tsi tre ɖi nu maƒomaƒoe; wole gbe la sem, gake womelé amea ɖeke kpɔm o. 8Tete la Saul tsi tre tso anyigba; ke esi wòdu ŋku la, mekpɔ amea ɖeke o, eye wòlé eƒe alɔnu, eye wokplɔe yi Damasko. 9Eye ŋkeke etɔ̃ sɔŋ mekpɔ nu kpɔ o, meɖu naneke o, eye meno naneke hã o.
10Eye nusrɔ̃laa ɖe le Damasko, eŋkɔe nye Anania, eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ le ŋutega me bena: Anania! Eye wògblɔ be: Kpɔ ɖa, nyee nye esi, Aƒetɔ! 11Eye Aƒetɔ la gblɔ ne bena: Tsi tre, eye nayi ablɔ, si woyɔna be dzɔdzɔe la me, eye nabia amea ɖe, si ŋkɔ nye Saul tso Tarso la ta se le Yuda-ƒe me; elabena kpɔ ɖa, ele gbe ɖom ɖa, 12eye wòkpɔ ŋutsua ɖe le ŋutega me, amesi ŋkɔ nye Anania la, gbɔna egbɔ, eye wòle asi dam ɖe edzi, bena wòagakpɔ nu. 13Ke Anania xɔ edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, mese le ame geɖewo nu le ŋutsu sia ŋuti, alesi wòwɔ vɔ̃ geɖe ɖe wò ame kɔkɔe, siwo le Yerusalem la ŋu; 14eye afisia hã ekpɔ ŋusẽ tso nunɔlagãwo gbɔ, be woabia amesiwo katã yɔa wò ŋkɔ dzi. 15Gake Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Heyi, elabena amesia enye dɔwɔnu tiatia nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlãwo kple fiawo kpakple Israel-viwo ƒe ŋku me; 16elabena nye la mafiae alesi wòle nɛ be, wòakpe fu geɖe le nye ŋkɔ la ŋuti. 17Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ. 18Eye enumake ewɔ abe nanee ge tso eƒe ŋkuwo dzi abe tsrowo ene, eye wògakpɔ nu; eye esi wòtsi tre la, wode mawutsi ta nɛ; 19eye woɖu nu, eye wòkpɔ ŋusẽ. Eye wònɔ nusrɔla, siwo le Damasko la gbɔ ŋkekea ɖewo.
Saul ƒe dɔ gbãtɔ le Damasko kple Yerusalem.
20Eye enumake wòɖe gbe ƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, eyae nye Mawuvi. 21Eye, amesiwo katã see la, kuvia ɖo wo, eye wogblɔ bena: Alo menye eyae nye amesi gblẽ amesiwo yɔa ŋkɔ sia dzi le Yerusalem, eye eyata wòva afisia ɖo, be yeabia wo akplɔ ayi ɖe nunɔlagãwo gbɔe oa? 22Ke Saul sẽ ŋu ɖe dzi gawu, eye wòna Yudatɔ, siwo le Damasko la ƒe nu tsi te, esi wòfiã kɔte bena, amesiae nye Kristo. 23Eye esi ŋkeke geɖe va yi la, Yudatɔwo de adaŋu, bena yewoawui; 24gake Saul se woƒe aɖaŋu vɔ̃ ɖoɖo la. Eye wodzo agboawo gɔ̃ hã ŋu ŋkeke kple zã, bena yewoawui. 25Ke nusrɔ̃lawo tsoe le zã me heto gli dzi ɖiɖi ɖe anyigba le kusi me.
26Eye esi wòva Yerusalem la, ete kpo be, wòamiã eɖokui ɖe nusrɔ̃lawo ŋu; eye wo katã le evɔ̃m, esi womexɔe se bena, nu srɔ̃la wònye o. 27Ke Barnaba xɔe, eye wòkplɔe yi apostoloawo gbɔ, eye woxlẽe fia wo, alesi wòkpɔ Aƒetɔ la le mo dzi, eye bena eƒo nu nɛ, kple alesi wògblɔ nya dzifeƒotɔe le Yesu ƒe ŋkɔa me le Damasko. 28Eye eya kplii wovaa me, gadoa go le Yerusalem hele nya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me; 29eƒo nu, eye wosẽ nu hã kple Helatɔwo; ke woawo ɖi be, yewoawu. 30Tete esi nɔviawo see la, wokplɔe yi Kaisarea, eye woɖoe ɖe Tarso. 31Azɔ hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me.
Petro da gbe le Ainea ŋuti, eye wònyɔ Tabita tso kukuwo dome.
32Eye wòva me bena, esi Petro tsa le afiawo katã la, eva ame kɔkɔe, siwo le Lida hã gbɔ. 33Eye afima wòkpɔ ŋutsua ɖe, si ŋkɔ nye Ainea, amesi mlɔ eƒe aba dzi ƒe enyi sɔŋ, elabena ele lãmetutudɔ lém. 34Eye Petro gblɔ nɛ bena: Ainea, Yesu Kristo yɔ dɔ wò: tsi tre, eye wò ŋutɔ naɖo wò aba! Eye enumake wòtsi tre. 35Eye amesiwo katã nɔ Lida kple Saron la kpɔe, eye wotrɔ va Aƒetɔ la gbɔ.
36Eye nyɔnu-nusrɔ̃laa ɖe le Yope, amesi ŋkɔ nye Tabita, si gɔmee nye zi, eya la yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonu, siwo wòwɔna. 37Ke eva me le ŋkeke mawo me bena, elé dɔ, eye woku; eye esi wole tsi nɛ la, wokɔe da ɖe dziƒoxɔ me. 38Ke esi Lida te ɖe Yope ŋu, eye nusrɔ̃lawo se bena, Petro le afima la, wodɔ ŋutsu eve ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, megatsi anyi, hafi ava yewo gbɔ o. 39Eye Petro tsi tre, eye wòyi kpli wo. Eye esi wòva la, wokplɔe yi ɖe dziƒoxɔa me, eye ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo Zi tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam. 40Eye esi Petro nyã wo katã do go la, edze klo, eye wòdo gbe ɖa; eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ bena: Tabita, tsi tre! Eye eya la ʋu eƒe ŋkuwo, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi. 41Eye wòna asii hekɔe ɖe dzi; eye esi wòyɔ ame kɔkɔeawo kple ahosiawo ve la, etsɔe ɖo woƒe ŋku me agbagbee. 42Eye wose nusia le Yope katã, eye ame geɖewo xɔ Aƒetɔ la dzi se. 43Ke eva me bena, enɔ Yope xɔ ŋkeke geɖe le Simon ɖe, si fea kpe agbalẽ la gbɔ.
Currently Selected:
Dɔwɔwɔwo 9: EWERV
Highlight
Share
Copy
![None](/_next/image?url=https%3A%2F%2Fimageproxy.youversionapi.com%2F58%2Fhttps%3A%2F%2Fweb-assets.youversion.com%2Fapp-icons%2Fen.png&w=128&q=75)
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.