YouVersion Logo
Search Icon

Dɔwɔwɔwo 10

10
Kornelio kple eƒe aƒe trɔ dzime eye wode mawutsi ta na wo.
1Eye ŋutsua ɖe le Kaisarea, eŋkɔe nye Kornelio, amesi nye aʋafia le asrafoha, si woyɔna bena Italiatɔwo tɔ la nu, 2enye mawumeme, eye wòvɔ̃a Mawu kple eƒe aƒe blibo la; amesi wɔ dɔmenyonu geɖewo na amewo, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu ɖaa. 3Ekpɔ le ŋutega me kɔte anɔ ŋkeke ƒe ga asieke me bena, mawudɔla ɖe va egbɔ le eme, eye wògblɔ nɛ bena: Kornelio! 4Ke esi eya kpɔe gã, eye wòvɔ̃ la, egblɔ bena: Nukae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nɛ bena: Wò gbedodoɖawo kple wò dɔmenyowɔwɔwo yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi. 5Azɔ dɔ ŋutsuwo ɖo ɖe Yope, ne wòaɖakpe Simon, sii woyɔna be Petro la vɛ; 6amesia dze Simon, asi tea kpe agbalẽ la; gbɔ, amesi ƒe aƒe le ƒua nu; eya agblɔ nusi le be, nawɔ la na wò. 7Ke esi dɔla, si ƒo nu kplii la; dzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dome ame eve kpe ɖe asrafoa ɖe, si vɔ̃a Mawu la ŋu, tso amesiwo dzɔ a eŋu la dome; 8eye esi woxlẽ nya siawo katã fia wo la, edɔ wo: ɖo ɖe Yope.
9Ke esi ŋu ke, esime wole mɔa dzi, eye wolũ dua la, Petro yi gbe do ge ɖa le xɔta, anɔ ga ade me, 10eye esi dɔ wui la, edi nu be, yeaɖu: ke esi wole eɖam la, ekpɔ ŋutega, 11eye wòkpɔ dziƒo nu ʋu, eye nane le ɖiɖim ɖe anyigba abe aklala gãa ɖe, si wosa kɔ dzogoe ene me nɛ ene, 12nusi me anyigba dzi lãfɔnewo kple lã wɔadãwo kple nu tatawo kpakple dziƒoxevi bubu ƒomeviwo katã le. 13Eye gbea ɖe ɖi va egbɔ bena: Petro, tsi tre, wu wo naɖu. 14Ke Petro gblɔ bena: Kpao, Aƒetɔ, elabena nyemeɖu nusianu, si nye nu dzodzro kple nu makɔmakɔ kpɔ o. 15Eye gbe la gagblɔ na zi evelia bena: Nusi ŋuti Mawu kɔ la, wò la megayɔe be nu dzodzro o. 16Eye wowɔ esia zi etɔ̃, eye enumake wogakɔ nu la yi dziƒo. 17Ke esi Petro tsi dzodzodzoe le eɖokui me, nusi ŋutega, si yekpɔ la lanye la, kpɔ ɖa, ŋutsui siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la, le Simon ƒe aƒe ta biam hele tsitre ɖe agbo la nu; 18eye woyɔ ame ɖa biae bena, Simon, si woyɔna be Petro la, dze afisia mahã? 19Ke esi Petro le ŋutega la ŋuti bum la, Gbɔgbɔ la gblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu etɔ̃ le diwòm. 20Eyata tsi tre, ne naɖi, eye nayi kpli wo, eye megake ɖia ɖeke o, elabena nyee dɔ wo. 21Eye esi Petro ɖi va ŋutsu, siwo Kornelio dɔ ɖo ɖe egbɔ la gbɔ la, egblɔ bena: Kpɔ ɖa, nyee nye amesi dim miele, nukaŋuti mieva afisia ɖo? 22Eye wogblɔ bena: aʋafia Kornelio, ame dzɔdzɔe kple amesi vɔ̃a Mawu, amesi ŋuti Yuda-dukɔ blibo la katã ɖi ɖase nyuie le la, eya mawudɔla kɔkɔea ɖe de se na be, nedɔ, ne woayi ɖayɔ wò va eƒe me, bena wòase nyawo tso gbɔwò. 23Tete wòyɔ wo va me, eye wòwɔ amedzro na wo.
Eye esi ŋu ke la, etsi tre, eye wòyi kpli wo, eye nɔvi, siwo le Yope la, dometɔa ɖewo kpe ɖe eŋu. 24Ke esi ŋu gake la, wova Kaisarea. Eye Kornelio le mɔ kpɔm na wo, eye wòyɔ eƒomeawo kple xɔlɔ̃a veviwo va ƒo ƒu. 25Eye wòva me bena, esi Petro le eme yim la, Kornelio va kpee, eye wòdze klo ɖe eƒe afɔ nu hede ta agu ne. 26Ke Petro kɔe ɖe dzi gblɔ bena: Tsi tre, nye ŋutɔ hã ame menye. 27Eye esi wòle nu ƒom kplii la, eyi ɖe eme, eye wòkpɔ ame geɖewo ƒo ƒu ɖi. 28Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o; 29eyaŋuti esi woyɔm la, nyemegblɔ nyaa ɖeke ɖe eŋuti hafi va o. Azɔ mele mia biam be: Nya ka ŋuti mieyɔm ɖo mahã? 30Eye Kornelio gblɔ be: Egbee nye ŋkeke eneagbe, esi metsi nu ɖo vaseɖe gaƒoƒo sia dzi, eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la mele gbe dom ɖa le aƒenye me, eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le tsitre ɖe ŋkunye me le awu, si le dzo dam la me, 31eye wògblɔ bena: Kornelio, wose wò gbedodoɖa, eye woɖo ŋku wò dɔmenyowɔwɔwo dzi le Mawu ƒe ŋku me. 32Eyata da ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la ve; amesia dze Simon ɖe, si tea kpe agbalẽ la, ƒe me le ƒua nu; ne amesia va la, aƒo nu na wò. 33Eyata medo ame ɖo ɖe gbɔwò enumake, eye èwɔe nyuie be, neva. Azɔ mí katã miele afii le Mawu ƒe ŋku me, bena miase nusiwo katã ƒe se Aƒetɔ la de na wò.
Petro ƒe mawunyagbɔgblɔ.
34Tete Petro ke nu gblɔ bena: Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, 35hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke venɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu. 36Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ. 37Mia ŋutɔwo mienyã nya, si va ve me le Yudea katã, eye wòdze gome tso Galilea, le mawutsidedetaname, si Yohanes ɖe gbe ƒãe la megbe: 38Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii. 39Eye míawoe nye ɖaseɖilawo le nusiwo katã wòwɔ le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem la ŋuti; amesi hã wowu to ehehe ɖe ati ŋuti me. 40Eya ke Mawu fɔ ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe, eye wòna woɖee fia, 41menye dukɔ blibo la katã o, ke boŋ eƒe ɖaseɖila, siwo Mawu tia ɖi xoxo, mí, amesiwo ɖu nu, eye mieno nu kplii le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe. 42Eye wòde se na mi be, miaɖe gbe ƒãe afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase bena, eyae nye amesi Mawu ɖo, be wòanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi. 43Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le, bena amesiame, si axɔ edzi ase la, akpɔ nuvɔ̃keke to eƒe ŋkɔ la me.
Mawunya ƒe dɔwɔwɔ.
44Esi Petro gale nya siawo gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la dze amesiwo katã le nya la sem la dzi. 45Eye kuvia ɖo xɔsetɔ, siwo tso aʋatsotso la me, ame geɖe alesi nu va kple Petro, bena wotsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana; kɔ ɖe trɔ̃subɔlawo hã dzi. 46Elabena wose bena, wole nu ƒom kple aɖewo, eye wole Mawu dom ɖe dzi. 47Tete Petro xɔ dzi gblɔ bena: Alo amea ɖe ate ŋu axe mɔ ɖe tsi be, woagade mawutsi ta na amesiawo, siwo xɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la abe miawo ke ene la o mahã? 48Eye wòde se be, woade mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me. Eye woɖe kuku nɛ be, wòanɔ yewo gbɔ ŋkekea ɖewo.

Currently Selected:

Dɔwɔwɔwo 10: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in