YouVersion Logo
Search Icon

Dɔwɔwɔwo 22

22
Paulo xlẽ eƒe dzimetɔtrɔ-nutinya fia Yudatɔwo.
1Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to alesi mele ɖokuinye nu ɖe ge azɔ la na mi. 2Eye esi wose bena, ele nu ƒom na wo le Hebri-gbe me la, wogazi ɖoɖoe klene wu tsãtɔ; 3eye wògblɔ bena Nye la Yudatɔ menye, wodzim le Tarso le Kilikia; gake la du sia me wonyim le, eye Gamaliel ƒe ato nu wòfiã num le pɛpɛpɛ; le mía fofowo ƒe se la nu la ŋuʋãla ɖe Mawu ŋu menye, sigbe alesi mi katã miele egbe sia ene; 4eye meti mɔ sia yome vaseɖe ku me ke, henɔa ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa biam, eye metsɔa wo dea gaxɔ me, 5abe alesi nunɔlagã la kple amegãwo hã aɖi ɖase nam ene; amesiwo gbɔ hã mexɔ agbalẽ tso hena nɔviawo, eye mezɔ mɔ yi Damasko, be mabia amesiwo le afima la hã ava Yerusalem, bena woahe to na wo. 6Eye wòva me bena, esi mele mɔ dzi, eye mete tu Damasko, anɔ ɣeɖota la, kasia kekeli, si nu sẽ la, tso dziƒo klẽ ƒo xlãm. 7Eye medze anyi, eye mese gbea de le gbɔgblɔm nam bena: Saul, Saul, nuka wɔ nèle yonyeme tim ale? 8Eye meɖo ŋu bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nam bena: Nye enye Yesu, Nazaretetɔ, amesi yome tim nèle. 9Eye amesiwo le ŋutinye hã kpɔ kekeli la, eye ŋɔdzi lé wo ŋutɔ; gake womese amesi le nu ƒom nam la ƒe gbe o. 10Eye megblɔ bena: Nuka mawɔ, Aƒetɔ? Ke Aƒetɔ la gblɔ nam bena: Tsi tre, ne nayi Damasko: eye afima woagblɔ nusiwo katã woɖo ɖi na wò be nawɔ la, na wò. 11Eye esi nyemegate ŋu le nu kpɔm le kekeli ma ƒe kɔkɔenyenye ŋuti o la, amesiwo le ŋutinye la lé nye alɔnu hekplɔm va Damasko, 12Eye Anania, ŋutsua ɖe, si vɔ̃a Mawu le sea nu, amesi ŋu Yudatɔ, siwo katã le afima, ɖi ɖase nyuie le la, 13va gbɔnye, eye wòle tsitre gblɔ nam bena: Nɔvi Saul, kpo nu! Eye le gaƒoƒo ma ke dzi la mekpɔ eyama. 14Eye wògblɔ bena: Mía fofowo ƒe Mawu la ɖo wò be, nanya eƒe lɔlɔ̃nu, nakpɔ dzɔdzɔetɔ la, eye nase eƒe numegbe; 15bena nanye eƒe ɖaseɖila hena amewo katã le nusiwo nèkpɔ kple nusiwo nèse la ŋuti. 16Eye azɔ, nuka wo nèle hehem ɖe megbea? Tsi tre, eye na woade mawutsi ta na wò, eye woaklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa, eye nayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi. 17Eye wòva me bena, esime megbugbɔ va Yerusalem, eye mele gbe dom ɖa le mawuxɔ me la, mekpɔ ŋutega, 18eye mekpɔe wòle gbɔgblɔm nam bena: Netsɔ, nado go tso Yerusalem kaba; elabena womaxɔ wò ɖaseɖiɖi, si naɖi le ŋutinye la o. 19Eye megblɔ bena: Aƒetɔ, woawo ŋutɔwo nyae bena, nyee nye amesi nɔa amesiwo xɔa dziwò sena la dem gaxɔ me, eye meƒoa wo le ƒuƒoƒe sia ƒuƒoƒe, 20eye esime wokɔ wò ɖaseɖila Stefano ƒe ʋu ɖe anyi la, nye hã mele tsitre ɖe afima, eye wòdze ŋunye, eye medzra amesiwo wui la ƒe avɔwo ɖo. 21Eye wògblɔ nam bena; Heyi, elabena mele da wò ge aɖo ɖe trɔ̃subɔlawo dome ʋĩ.
22Eye woɖo toe vaseɖe nya sia dzi; tete wokɔ woƒe gbe dzi gblɔ bena: Miɖe amesia tɔgbe ɖa tso anyigba la dzi, elabena mele nɛ be, wòanɔ agbe o. 23Eye esi wodo ɣli, eye woɖe woƒe avawo ɖi, eye wolɔ kewɔ hlẽ ɖe ya me la, 24aʋafia gã la de se be, woakplɔe ayi ɖe mɔ̃ la me, eye wòɖo bena, woaɖe atam ɖe edzi ase eƒe numenya, bena yeanya nusi ŋuti tututu wole ɣli dom ɖe eta ɖo. 25Eye esi wohee ɖe ka me, be woaƒoe la, Paulo gblɔ na aʋafia, si le tsitre ɖe egbɔ la bena: Ɖe woɖe mɔ na mi be, míaƒo amesi nye Romatɔ kple atam fɔ mabumabua? 26Eye esi aʋafia la see la, eyi ɖatoe na aʋafia gã la bena: Nuka wɔ ge nala? Elabena amesia nye Romatɔ. 27Tete aʋafia gã la va gblɔ nɛ bena: Gblɔe nam, wò la Romatɔ nenyea? Eye wògblɔ be: Ẽ. 28Aʋafia gã la ɖo ŋu bena: Nye la metsɔ ga geɖe ƒle dumetɔnyenye sia. Eye Paulo gblɔ bena: Gake nye la ɖe wodzim ɖe eme. 29Tete amesiwo be, yewoaƒoe abia eƒe numenya ase la, dzo le egbɔ enumake, eye aʋafia gã la hã, esi wose bena, Romatɔ wònye la, evɔ̃; elabena ena wobiae. 30Eye ŋu ke, esi wòle didim bena, yeanya nyateƒe la, nusi ŋuti Yudatɔwo va tso enu la, etu kae, eye wòde se bena, nunɔlagãwo kple woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo katã nava ƒo ƒu: eye wokplɔ Paulo ɖi va anyi, eye wotsɔe ɖo wo ŋku me.

Currently Selected:

Dɔwɔwɔwo 22: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in