YouVersion Logo
Search Icon

Dɔwɔwɔwo 21

21
Paulo dzo le Mileto zɔ mɔ heva Yerusalem.
1Eye wòva ve me bena, esi miedzo le wo gbɔ la, míeho tẽ heva Kos, eye ŋu ke mieva Rodo, eye tso afima mieva Patara; 2eye esi míekpɔ ʋua ɖe, si tso ƒu yina Foinike la, mieɖoe heho yi. 3Eye esi Kipro le dzedzem, eye míeɖee ɖe mia me la, míeyi Siria; eye míeɖi go ɖe Tiro; elabena afima ʋua le eƒe agbawo ku ge ɖo. 4Ke esi miekpɔ nusrɔ̃lawo la, míetsi afima ŋkeke adre. Woawoe gblɔ na Paulo to Gbɔgbɔ la me bena, megayi Yerusalem o. 5Eye wòva me bena, esi míewu ŋkekeawo nu vɔ la, miedzo, eye mieyi miaƒe mɔzɔzɔ la dzi, eye wo katã kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo ɖo mí ɖa, vaseɖe esime miedo go le dua me; eye míedze klo ɖe ƒuta hedo gbe ɖa; 6eye esi míeklã mía nɔewo la, mieɖo ʋu, eye woawo gbugbɔ yi aƒe.
7Eye esi míetso Tiro va Ptolemai la, miewu ƒudzimɔzɔzɔ la nu, eye miedo gbe na nɔviawo, eye mieno wo gbɔ ŋkeke ɖeka. 8Eye esi ŋu ke la, miedzo va Kaisarea, eye mieyi ɖe nyanyuiegblɔla Filipo ƒe me, amesi nye ame adreawo dometɔ ɖeka, eye mienɔ egbɔ. 9Ke ɖetugbivi ene, siwo gblɔa nya ɖi la, le amesia si. 10Eye esi míenɔ afima xɔ ŋkekea ɖewo la, nyagblɔɖilaa ɖe, si ŋkɔ nye Agabo la, tso Yudea va. 11Eye esi wòva mía gbɔ la, etsɔ Paulo ƒe alidziblanu hebla ye ŋutɔ ƒe afɔwo kple asiwo gblɔ bena: Ale Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ esi: Ale Yudatɔwo abla ŋutsu, alidziblanu sia tɔ, le Yerusalem enye si, eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo. 12Eye esi miese esia la, mia kple afimatɔwo miede kuku nɛ bena, megayi Yerusalem o. 13Ke Paulo ɖo ŋu gblɔ bena: Nukae nye esi wɔm miele hele avi fam, eye miele nye dzi gbãm mahã? Elabena nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woabiam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta. 14Eye esi mekɔ be, woaƒoe ɖe ye nu o la, miezi ɖoɖoe hegblɔ bena: Woawɔ Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.
15Eye le ŋkeke siawo megbe la míedzra ɖo, eye míeyi Yerusalem. 16Eye nusrɔ̃laa ɖewo hã tso Kaisarea yi kpli mí, eye wokplɔ mi de asi na Mnason, nusrɔ̃la xoxoa ɖe tso Kipro, amesi gbɔ miadze. 17Eye esi míeɖo Yerusalem la, nɔviawo xɔ mi kple dzidzɔ. 18Eye esi ŋu ke la, Paulo yi ɖe Yakobo ƒe me kpli mí, eye hamemegãwo katã va afima 19Eye esi wòdo gbe na wo la, exlẽ nusiwo katã Mawu wo le trɔ̃subɔlawo dome to eƒe subɔsubɔ me la na wo ɖekaɖeka. 20Eye esi wosee la, wokafu Mawu, eye wogblɔ nɛ bena: Nɔvi, èle kpɔma, alesi ame akpeakpewo xɔe se le Yudatɔwo dome, eye wo katã wonye ŋuʋãlawo ɖe se la ŋu; 21eye wose le ŋutiwò bena, èfia nu Yudatɔ, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome, bena wòatrɔ le Mose yome hele gbɔgblɔm bena, womegatso aʋa na wo viwo alo woazɔ le kɔawo nu o. 22Azɔ nuka woawɔ? Alesialesi lawɔ la, ameha la aƒo ƒu tsã; elabena wole ese ge be, eva. 23Eyaŋuti nawɔ nusi ke miato na wò. 24Ŋutsu ene, siwo ɖe adzɔgbe la, le mía si; amesiawo natsɔ, eye nakɔ ɖokuiwò ŋuti kpli wo, eye naxe nusi wonana la, ɖe wo ta, be woate ŋu alũ ta; ekema amewo katã adze sii bena, nusiwo yewose le ŋutiwò la, mele eme o; ke boŋ wò ŋutɔ èzɔna nyuie, eye nèléa se la me ɖe asi. 25Ke trɔ̃subɔla, siwo xɔ se la, ŋutie mieŋlɔ, eye mieɖo le bena, woatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋume kpakple ahasiwɔwɔ. 26Tete esi ŋu ke la, Paulo ɖe ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye esi wòkɔ eɖokui ŋuti kpli wo la, eyi ɖe mawuxɔ la me hele ŋutikɔkɔ ŋkekeawo ƒe nuwuwu gblɔm fia wo, vaseɖe esime woamè nu ɖe wo dome amesiame ta.
Wolé Paulo le gbedoxɔ me hekplɔe yi Romatɔwo fe mɔ me.
27Ke esi wòsusɔ ʋee, ne woawu ŋkeke adreawo nu la, Yudatɔwo tso Asia, esi wokpɔe le mawuxɔa me la, wode zi ameha blibo la katã me eye woɖo asi edzi 28hele ɣli dom bena: Israel-ŋutsuwo, miva xɔ na mí loo! Amesiae nye amesi nɔa nu fiãm amewo katã le afisiafi hetsi tre ɖe dukɔ la kple se la kpakple teƒe sia ŋuti, eye wu esia la ekplɔ Helatɔwo hã va mawuxɔ la me, eye wòƒo ɖi teƒe kɔkɔe sia. 29Elabena tsã la wokpɔ eya kple Trofimo, Efesotɔ la, le dua me, amesi wobu xa bena, Paulo kplɔ yi mawuxɔ la me. 30Eye du blibo la katã tɔ zi, eye ameawo le du ƒum va le ta kpem, eye wole Paulo, eye wohee do goe tso mawuxɔ la me, eye wodo ʋɔtruawo enumake. 31Eye esi wole didim bena, yewoawui la, nya la ɖo asrafoha ƒe aʋafia gã la gbɔ bena: Yerusalem-du blibo la katã zu ʋunyaʋunya. 32Le gaƒoƒo ma ke dzi wòɖe asrafowo kple aʋafiawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wòƒu du ɖi yi ɖe wo dome; ke woawo la, esi wokpɔ aʋafia gã la kple asrafoawo la, wodzudzɔ Paulo ƒoƒo. 33Tete aʋafia gã la te ɖe wo ŋu, eve wòlée, eye wòde se be, woablae kple kɔsɔkɔsɔ eve; eye wòbia amesi wònye kple nusi wòwɔ. 34Eye ameha la dome amea ɖewo lé ɣli dom be ale, eye bubuwo hã be ale; ke esi mete ŋu se nyateƒe la le hoowɔwɔ la ta o la, ede se bena, woakplɔe ayi mɔ̃ la me. 35Eye esi wòɖo atrakpuiawo dzi la, eva me be, asrafoawo kɔe le ameha la ƒe ŋusẽnuwɔwɔ la ŋuti; 36elabena dua me ameha la dze eyome le ɣli dom bena: Wu eyama. 37Azɔ esi wole Paulo kplɔ ge ayi mɔ̃a me la, egblɔ na aʋafia gã la bena: Ɖe mekpɔ ma agblɔ nyaa ɖe na wòa? Eye wògblɔ bena: Esea Hela-gbea? 38Ekema menye wòe nye Egiptetɔ ma, amesi na zi ta le ŋkeke siawo me, eye wòkplɔ hlɔ̃dola akpe ene yi gbedzi la oa? 39Eye Paulo gblɔ bena: Nye la Yudatɔ menye tso Tarso le Kilikia, du, si menye fetedu o la me to menye; ke meɖe kuku na wò be, nana mɔm, ne maƒo nu na dukɔ la. 40Eye esi wòna mɔe la, Paulo le tsitre ɖe atrakpuiawo dzi, eye wòɖo asi ameha la dzi; eye esi ɖoɖoe zi klene la, egblɔ na wo le Hebrigbe me bena:

Currently Selected:

Dɔwɔwɔwo 21: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in