Dɔwɔwɔwo 20
20
Paulo gatrɔ yi Makedonia kple Hela, eye wògatrɔ va Asia-sue.
1Eye esi wodzudzɔ hoowɔwɔ megbe la, Paulo ya nusrɔ̃lawo va egbɔ, eye esi wòdo gbe na wo la, eklã wo hedzo yina Makedonia. 2Eye esi wòto afima nutowo me, eye wõxlɔ̃ nu wo kple nya geɖewo la, eva Hela-nyigba dzi. 3Eye wònɔ afima ɣleti etɔ̃; ke esi wòdi be, yeado ʋu ayi Siria, eye Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe eŋu la, eɖo tame be, yeagbugbɔ aɖato Makedonia. 4Eye amesiwo ɖoe ɖa vaseɖe Asia la, woawo nye: Sopatre, Piro, Beroiatɔ la ƒe vi, Aristarxo kple Sekundo tso Tesalonika; Gayo, Derbetɔ, kple Timoteo; Tixiko kple Trofimo tso Asia. 5Amesiawo dze ŋgɔ, eye wole mia lalam le Troa. 6Eye esi miawo mieɖo ʋu tso Filipi le amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekeawo megbe la, mieva ɖo wo gbɔ le Troa le ŋkeke etɔ̃agbe, eye mienɔ afima ŋkeke adre.
Paulo nyɔ Eutixo tso ku me.
7Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi mieƒo ƒu, be míaŋe abolo la, Paulo gblɔ nya na wo; eye wòdidi nya la ɖe edzi vaseɖe zãtitina, elabena edi be, ne ŋu ke la, yeadze mɔ. 8Eye akaɖi geɖewo le bibim le dziƒoxɔ, si me mieƒo ƒu ɖo la me. 9Eye ɖekakpuia ɖe, eŋkɔe nye Eutixo, bɔbɔ nɔ fesre nu: eye wòɖo alɔ yi me ʋĩ le Paulo ƒe nyagbɔgblɔ didi la ŋuti; esi alɔ̃ mui la, ege tso dzisasra etɔ̃lia dzi va dze anyi, eye woyi ɖakɔe wòku. 10Ke esi Paulo ɖi yi anyigba la, edze edzi helee alɔ eve gblɔ bena: Migawɔ hoo o; elabena eƒe luʋɔ la le eme. 11Eye esi wogayi dziaƒo la, eŋe abolo, eye woɖu, eye wògaƒo nu geɖe na wo vaseɖe fɔŋli me, eye ale wòdzo. 12Ke wokplɔ ɖevi la vɛ agbagbe, eye menye akɔfafa ʋeea ɖe wokpɔ o.
13Eye miawo la miedze ŋgɔ yi ʋua me heho yi Aso; afima miele Paulo xɔ ge ɖe ʋua me le elabena nenema wòɖoe, le esi eya ŋutɔ le afɔ to ge ta. 14Eye esi wokpe mí le Aso la, miexɔe ɖe ʋua me va Mitilene. 15Eye mieno tso afima, eye esi ŋu ke la mieva Xio kasa, eye ŋkeke, si dze eyome la, miete de Samo ŋu, eye míetsi Tragilio dɔ; esi ŋu gake la, mieta Mileto. 16Elabena Paulo ɖo be, yeato Efeso ŋu ayi, bena yemagagblẽ ɣeyiɣi le Asia o, elabena ele kplakplakpla dzi, bena ne yete ŋui la, ne yeade Yerusalem le Pentekoste-ŋkeke la dzi.
Paulo klã Efeso-hame la.
17Ese le Mileto la edɔ ɖo, ɖe Efeso, woɖayɔ hamemegãwo vɛ. 18Eye esi wova egbɔ la, egblɔ na wo bena: Mienyae tso ŋkeke gbãtɔ dzi, esi meɖo afɔ Asia, alesi menɔ mia gbɔ le ɣeyiɣiawo katã me 19hele Aƒetɔ la subɔm kple tamebɔbɔɖeanyi katã kple aɖatsiwo kple tetekpɔ, siwo va dzinye le Yudatɔwo ƒe nugbeɖoɖowo me; 20alesi nyemegbe naneke, si nyo na mi la, takaka na mi o; eye mefia nu mi le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me, 21hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa. 22Eye azɔ, kpɔ ɖa, mele babla le gbɔgbɔa me heyina Yerusalem, eye nyemenya nusiwo le dzinye va ge le afima o; 23negbe bena Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖia ɖase nam le du sia du me gblɔ bena, bablawo kple momenuvevewo le lalayem. 24Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti. 25Eye azɔ, kpɔ ɖa, menyae bena, mi amesiwo katã dome mete hele gbe ƒã dem mawufiaɖuƒea la, miegale nye ŋku me kpɔ ge akpɔ o. 26Eyaŋuti mele ɖase ɖim na mi le egbe ŋkeke sia dzi bena, ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me. 27Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o. 28Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la. 29Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o; 30eye le mia ŋutɔwo dome la ŋutsu, siwo gblɔa nya dàdawo la, latsi tre, be woahe nusrɔ̃lawo de wo ɖokui yome. 31Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o. 32Eye azɔ la nɔviwo, metsɔ mi de Mawu si me kple eƒe amenuvevenya la me, amesi ate ŋu atu mi, eye wòana domenyinyi mi ɖe amesiwo katã ŋuti wokɔ la dome. 33Nyemedi amea ɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu o. 34Mia ŋutɔwo mienyae bena, asi siawo metsɔ wɔ dɔ heɖi nye ŋutɔ kple amesiwo kpe ɖe ŋutinye la ƒe nuhiahiãwo. 35Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“ 36Eye esi wògblɔ esiawo la, edze klo, eye eya kpli wo katã wodo gbe ɖa. 37Eye wo katã wode asi avifafa me vevie ŋutɔ, eye wodze Paulo ƒe ko dzi, eye wogbugbɔ nu ne 38hele nu xam, vevietɔ le nya, si wògblɔ bena, womegale yeƒe ŋku me kpɔ ge akpɔ o la ŋuti. Eye woɖoe ɖa vaseɖe ʋua me.
Currently Selected:
Dɔwɔwɔwo 20: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.