YouVersion Logo
Search Icon

Marko 6

6
Nugbegbe le Yesu gbɔ le Nazaret
(Mateo 13:53-58; Luka 4:16-30)
1Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto ma me yi Nazaret si nye ededu me. 2Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku.
Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm! 3Alo menye ame siae nye atikpala la oa? Menye Maria ƒe viŋutsu si nɔviwoe nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn, siwo le mía dome, eye nɔvia nyɔnuwo hã le mía dome oa?” Esia na eƒe nu ve dɔme na wo ŋutɔ.
4Yesu gblɔ na wo be, “Bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me, amewo dome kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me o.” 5Le ameawo ƒe dzimaxɔse ta la, mete ŋu wɔ nukunu gãwo le wo dome o, asi ko wòda ɖe dɔléla ʋɛ aɖewo dzi heyɔ dɔ wo. 6Ewɔ nuku na Yesu ŋutɔ be wo detɔwo mexɔ edzi se o, ale wòdzo ɖatsa le kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo.
Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo
(Mateo 10:1, 5-15; Luka 9:1-6)
7Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo, eye wòdɔ wo eveve hena ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me.
8Egblɔ na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, negbe atizɔti ko. Migatsɔ nuɖuɖu, mɔzɔkotoku alo ga hã ɖe asi o. 9Migatsɔ afɔkpa eve alo awu eve teti hã o. 10Midze aƒe ɖeka ko me le kɔƒe ɖe sia ɖe me; miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o. 11Nenye be kɔƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi alo ɖo to mi o la, miʋuʋu ke si lé ɖe afɔƒome na mi la ɖi, eye miadzo. Esia nye ɖase be miegblẽ teƒe la ɖi be nu sia nu si adzɔ ɖe edzi la nadzɔ faa.”
12Nusrɔ̃lawo dze mɔ henɔ nu xlɔ̃m ame sia ame si wodo goe le mɔa dzi la be wòatrɔ dzime. 13Wonya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me, eye wosi ami na dɔnɔwo heda gbe le wo ŋu.
Herod wu Yohanes Mawutsidetanamela
(Mateo 14:1-12; Luka 9:7-9)
14Fia Herod se Yesu ŋkɔ, elabena ame sia ame nɔ nu ƒom tso nukunu siwo katã wɔm wònɔ la ŋu. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, elabena amewo le gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ, eya ta wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo.”
15Ame aɖewo hã bu be Yesue nye Eliya, Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖeka, si gava dzɔ, eye ɖewo hã bu be Yesue nye Mawu ƒe Gbeƒãɖela yeye si si ŋusẽ le abe esiwo nɔ anyi va yi la ene.
16Ke Herod ya gblɔ kple kakaɖedzi be, “Yohanes, ame si nu metso ta le la kokokoe fɔ tso yɔ me.”
17Herod sia nye ame si dɔ asrafowo be woalé Yohanes de gaxɔ me. Ewɔ esia le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ si wòxɔ la ta, 18elabena Yohanes gblɔ na Herod be, “Se meɖe mɔ be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ aɖe o.” 19Le esia ta Herod di vevie be woawu Yohanes, gake fia la meda asi ɖe ɖoɖo sia dzi o, 20elabena Herod tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔenyenye ta, eya ta etsɔe de eya ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herod kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herod ƒe susu ŋutɔ, gake zi geɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii.
21Mlɔeba la, Herod va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herod ƒe dzigbezã ɖo, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo nye asrafowo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta, siwo tso Galilea la le fiasã la me. 22Eva dzɔ be Herod ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na ame kpekpeawo. Eƒe ɣeɖuɖu do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ.
Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvi la be, “Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la, mana wò.” 23Eka atam nɛ be, “Nu sia nu si nàbia la, matsɔe na wò; nenye nye fiaɖuƒe la ƒe afã nèbia hã la, mana wò.”
24Nyɔnuvi la yi dadaa gbɔ ɖagblɔ nya la nɛ. Dadaa gblɔ nɛ be, “Yi nàbia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta.”
25Nyɔnuvi la gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ vɛ nam.”
26Nya sia ve fia la ŋutɔ, gake anye ŋukpe be wòada le atam si wòka la dzi le eƒe ame kpekpeawo ŋkume, 27eya ta eɖo asrafo si le eŋu dzɔm la ɖa be wòayi aɖatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ na ye. Asrafo la yi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ la me 28hetsɔ de agba me vɛ na nyɔnuvi la, eye wòtsɔe yi na dadaa. 29Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu si dzɔ la, woyi ɖaxɔ eƒe kukua ɖaɖi.
Yesu nyi ame akpe atɔ̃
(Mateo 14:13-21; Luka 9:10-17; Yohanes 6:1-14)
30Yesu ƒe nusrɔ̃lawo trɔ tso woƒe mɔzɔzɔ la gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ, nya siwo katã wogblɔ kple teƒe siwo katã wode la nɛ. 31Yesu se nya siawo keŋ, eye wòɖo aɖaŋu na wo be, “Mina míadzo le amehawo dome vie aɖadi teƒe aɖe anɔ adzudzɔ sẽe.” Elabena ame geɖewo ŋutɔ nɔ wo gbɔ vam henɔ dzodzom, ale be ɣeyiɣi meli woaɖu nu o.
32Ale wodzo le teƒe sia kple ʋu heyi teƒe aɖe si zi ɖoɖoe wu, 33gake ame geɖewo gakpɔ wo xoxo, wonya afi si yim wonɔ, eya ta woƒu du dze ŋgɔ na wo, zɔ ƒua nu yi ɖakpe wo esi woɖi le ʋu la me teti ko. 34Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena wole abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo.
35Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be, “Teƒe sia tso abo, evɔ zã hã le dodom, 36eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo.”
37Gake Yesu gblɔ na wo be, “Miawo mina nuɖuɖu wo.”
Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe.”
38Yesu bia wo be, “Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa.”
Woyi gbɔ va gblɔ nɛ be, “Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li.”
39Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi. 40Ale ameawo nɔ anyi ɖe hatsotso alafawo kple blaatɔ̃wo me. 41Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme eve la, eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo ƒe akɔme. 42Ameawo ɖu nu la ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã, 43eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kakɛ siwo susɔ la, woyɔ kusi wuieve. 44Ke ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000).
Yesu zɔ Atsiaƒu dzi
(Mateo 14:22-33; Yohanes 6:15-21)
45Le nuɖuɖu la nana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋu la me, akui atso ƒu la ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado mɔ ameha la woayi aƒe me. 46Le esia megbe la, Yesu yi togbɛ aɖe dzi be yeado gbe ɖa.
47Le zã me esi tɔdziʋua ɖo ƒu la ƒe titina la, eya ɖeka susɔ ɖe gota. 48Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene, 49gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒu la dzi, eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli, elabena wobu be ŋɔlie. 50Gake eƒo nu gblɔ na wo enumake be, “Miaƒe dzi nedze eme. Nyee, migavɔ̃ o.”
51Azɔ ege ɖe ʋu la me, eye yaƒoƒo la tɔ. Nusrɔ̃lawo katã ƒe nu ku ŋutɔ, 52elabena va se ɖe fifia la, womese Yesu ƒe wɔnawo gɔme o. Gawu la, womese nukunu gã si wòwɔ le ɣetrɔ ma hã gɔme o, elabena woƒe dzi me sẽ.
Yesu yɔ dɔ dɔlélawo le Genesaret
(Mateo 14:34-36)
53Wotso ƒu la va ɖi go ɖe Genesaretnyigba dzi, eye wotɔ ʋu la. 54Ke esi wodo go le eme la, ame siwo nɔ afi ma la kpɔ Yesu dze sii enumake, 55eya ta woƒu du ɖagblɔe na ame siwo katã le nuto la me be Yesu va ɖo. Ale amewo kɔ dɔnɔwo ɖe abawo dzi va egbɔ. 56Afi sia afi si Yesu yi le kɔƒewo, duwo kple agbletawo la, wokɔa dɔnɔwo vaa asiwo kple mɔwo toe, eye woɖea kuku nɛ be woaka asi eƒe awu pɛ ko ŋu. Le nyateƒe me la, ame siwo katã ka asi eŋu ko la ƒe lãme sẽna.

Currently Selected:

Marko 6: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in