Marko 5
5
Yesu da gbe le Gadaratɔ gbɔbɔvɔ̃tɔ aɖe ŋu
(Mateo 8:28-34; Luka 8:26-39)
1Wotso ƒu la, eye woge ɖe Gadaratɔwo ƒe nutowo me. 2Esi Yesu do go tso ʋua me la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la do go tso yɔdoawo me va kpee. 3Ame sia ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ me, eye ame aɖeke magate ŋu ablae alo ade gakɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hãe o, 4elabena zi geɖe wodea gakɔsɔkɔsɔ eƒe asiwo kple afɔwo, ke etsoa wo keŋkeŋ. Ame aɖeke mesesẽ wui, alée wòanɔ anyi kpoo o. 5Le ŋkeke kple zã me siaa la, enɔa tsatsam le yɔdowo dome kple togbɛwo dzi, nɔa ɣli dom henɔa eɖokui sim kple kpe ɖaɖɛwo.
6Ame sia kpɔ Yesu xoxoxo esi wònɔ ƒua dzi gbɔna, eya ta esi wòɖi go ko la, eƒu du va tui hedze klo ɖe eƒe akɔme.
7Edo ɣli sesĩe be, “Nya kae le nye kple wò dome, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Le Mawu ta mègawɔ funyafunya aɖekem o!” 8Elabena Yesu nɔ gbɔgblɔm nɛ be, “Do go le ŋutsu sia me, wò gbɔgbɔ vɔ̃.”
9Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Ŋkɔwò ɖe?”
Eye wòɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio, elabena míesɔ gbɔ ɖe ame sia me.” 10Azɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo ɖo ɖe du didi aɖeke me o.
11Eva eme be aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le togbɛ si te ɖe toa ŋu la dzi. 12Gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ na Yesu be, “Míeɖe kuku, nya mí ɖo ɖe ha mawo me.”
13Yesu na mɔ wo be woayi, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le ame la me enumake yi ɖage ɖe haawo me. Haawo ƒe habɔbɔ si anɔ abe akpe eve (2,000) ene la katã ƒu du sesĩe ɖanyrɔ wo ɖokuiwo ɖe ƒu la me doo heno tsi ku.
14Hakplɔlawo lé du tsɔ sesĩe eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nya la ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔe be ame sia ame yi be yeakpɔ nu si dzɔ la. 15Le esia ta, eteƒe medidi o ko ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe afi si Yesu le, gake esi wokpɔ ŋutsu si me legio gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ tsã la wòdo awu nyuie, nɔ anyi kpoo la, vɔvɔ̃ ɖo wo katã. 16Ame siwo va kpɔ nu si dzɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ la kple haawo dzi la hã yi ɖagblɔe na ame bubuwo, 17ale amewo gava fũu, eye woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewoƒe nuto la me ne yewoakpɔ vovo.
18Esia ta Yesu gbugbɔ ge ɖe ʋu la me be yeadzo. Tete ŋutsu si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ɖe kuku nɛ be yeayi kplii, 19gake egblɔ nɛ be, “Yi aƒe me le nɔviwòwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wò la na wo.” 20Ŋutsu la dze mɔ, eye wòtsa le du ewo siwo le nutoa me la me henɔ gbeƒã ɖem nu gã siwo Yesu wɔ nɛ la na ame sia ame, eye eƒe nya la wɔ nuku na ameawo ŋutɔ.
Yairo ƒe vinyɔnu kple nyɔnu ʋusisidɔléla la
(Mateo 9:18-26; Luka 8:40-56)
21Esi Yesu va ɖi go kple ʋua ɖe ƒua ƒe go evelia dzi la, ameha gã aɖe ƒo zi ɖe eŋu. 22Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme, 23eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, “Vinye la ɖo kudo nu vɔ, eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.”
24Yesu tso kpla dze eyome, eye ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo. 25Nyɔnu aɖe nɔ ameawo dome si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ. 26Nyɔnu sia kpe fu, tsa le atikewɔla geɖewo dzi ƒe geɖewo, eye wògblẽ ga geɖe hã be woada dɔa na ye, gake mekpɔ dɔyɔyɔ o, dɔléle la ɖeko wòganyra ɖe edzi nɛ boŋ. 27Ese nukunu geɖe siwo Yesu wɔ, eya ta eʋli eɖokui, to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe, eye wòka asi eƒe awu ŋu, 28elabena exɔe se, eye wògblɔ le eɖokui me be, “Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la, nye lãme asẽ.” 29Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la, ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake, eye wòse le eɖokui me hã be yehaya.
30Yesu se le eɖokui me enumake be dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ aɖe do le ye me, eya ta etrɔ kɔ hebia be, “Ame kae ka asi nye awu ŋu?”
31Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Esi ame gbogbo siawo ƒo zi ɖe ŋuwò ɖe, aleke wɔ nègale biabiam be ame kae ka asi ŋuwò?”
32Gake Yesu ganɔ ŋku tsam kokoko be yeakpɔ ame si wɔ nenem nu sia. 33Kasia nyɔnu la do le ameawo dome kple vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hegblɔ nu si wòwɔ la nɛ. 34Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyenyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò, heyi le ŋutifafa me, wò dɔléle la vɔ keŋkeŋ.”
35Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame dɔdɔwo tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwo la ku xoxo, eye megahiã be nàɖe fu na Nufiala la o.”
36Yesu se nya si wova gblɔ na Yairo, ale wòde dzi ƒo nɛ gblɔ be, “Mègavɔ̃ o, xɔ dzinye se ko.”
37Azɔ Yesu tia Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ko be woakplɔ ye ɖo ayi ɖe aƒea me. 38Esi wòva ɖo ƒuƒoƒemegã ƒe agbonu la, Yesu kpɔ be zitɔtɔ gã aɖe nɔ teƒe la, elabena amewo nɔ avi fam henɔ ɣli dom hoo. 39Ege ɖe aƒea me, eye wòƒo nu na ameawo gblɔ be, “Nu ka ƒe avifafa kple hoowɔwɔe nye esia? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ wòdɔ!” 40Ameawo koe ʋuu le nya si wògblɔ la ta.
Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevi la fofo, dadaa kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi, eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔ la me. 41Yesu lé ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi!” (si gɔmee nye be, “Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na wò be fɔ!”). 42Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi, eye wòzɔ azɔli (nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve). Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo. 43Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevi la wòaɖu.
Currently Selected:
Marko 5: AL
Highlight
Share
Copy
![None](/_next/image?url=https%3A%2F%2Fimageproxy.youversionapi.com%2F58%2Fhttps%3A%2F%2Fweb-assets.youversion.com%2Fapp-icons%2Fen.png&w=128&q=75)
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.