1
Mateo 26:41
Agbenya La
Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne menye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi, elabena gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”
Compare
Explore Mateo 26:41
2
Mateo 26:38
Ale wògblɔ na wo be, “Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ, eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia, eye mianɔ ŋudzɔ kplim.”
Explore Mateo 26:38
3
Mateo 26:39
Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, dze klo, eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, “Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe agba sia ɖa le dzinye. Gake menye ale si medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”
Explore Mateo 26:39
4
Mateo 26:28
esiae nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme.”
Explore Mateo 26:28
5
Mateo 26:26
Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi. Edo gbe ɖa ɖe abolo la ta, eye wòŋe eme hetsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã.”
Explore Mateo 26:26
6
Mateo 26:27
Emegbe la, etsɔ wainkplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta, eye wòtsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mi katã mixɔe no
Explore Mateo 26:27
7
Mateo 26:40
Yesu trɔ va nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ, kasia ekpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Eyɔ Petro, eye wòbiae be, “Ke miate ŋu anɔ ŋu kplim gaƒoƒo ɖeka teti hã oa?
Explore Mateo 26:40
8
Mateo 26:29
Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Medi be mianya nyuie be nyemegale wain sia no ge akpɔ o va se ɖe esime nye kple miawo miaganoe yeyee le Fofonye ƒe fiaɖuƒe la me.”
Explore Mateo 26:29
9
Mateo 26:75
Enumake Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be, “Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃” la dzi. Ale wòdo go, eye wòfa avi vevie.
Explore Mateo 26:75
10
Mateo 26:46
Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna.”
Explore Mateo 26:46
11
Mateo 26:52
Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Mègawɔ wò yi ŋu dɔ o; tsɔe de aku me, elabena ame siwo wɔa yi ŋu dɔ la hã kpɔa ku le yi nu.
Explore Mateo 26:52
Home
Bible
Plans
Videos