1
Mateo 27:46
Agbenya La
Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eli, Eli, lama sabaktani?” (si gɔmee nye, “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?”).
Compare
Explore Mateo 27:46
2
Mateo 27:51-52
Eye kpɔ ɖa, xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã gbã, eye yɔdowo nu ʋu, eye ame kɔkɔe geɖe siwo ku la ƒe ŋutilã gagbɔ agbe.
Explore Mateo 27:51-52
3
Mateo 27:50
Yesu gado ɣli sesĩe ake. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na, eye wòku kpoo.
Explore Mateo 27:50
4
Mateo 27:54
Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã.”
Explore Mateo 27:54
5
Mateo 27:45
Le ŋdɔ ma la, zãdokeli do ɖe anyigba la katã dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ, tso ŋdɔ ga wuieve va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.
Explore Mateo 27:45
6
Mateo 27:22-23
Pilato bia wo be, “Ekema nu ka mawɔ kple Yesu, miaƒe Kristo la?” Wodo ɣli hoo be, “Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato gabia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?” Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”
Explore Mateo 27:22-23
Home
Bible
Plans
Videos