የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 9

9
Mawu bla nu kple Noa
1 # Mos I, 1.28. Mawu yra Noa kple via ŋutsuawo gblɔ na wo be: “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba la dzi. 2Gbemelãwo, xewo, nu tatawo kple ƒumelãwo katã avɔ̃ mi, eye miadzi ŋɔ na wo. Metsɔ wo de asi na mi. 3Nu sia nu si le agbe ʋãna la nanye nuɖuɖu na mi; abe ale si metsɔ amagbewo na mi ene la, nenemae metsɔ nu sia nu na mii. 4#Mos III, 7.26, 27; 17.10-14; 19.26; Mos V, 12.16, 23; 15.23. Ɖeko migaɖu lã si me ʋu, si nye eƒe agbe la, tsi o. 5Ne wokɔ miaƒe ʋu ɖi la, mabia eŋu akɔnta kokoko. Lãe kɔe ɖi o, amegbetɔe kɔe ɖi o, mabia akɔntae. Ne ame aɖe wu ehavi la, mabia akɔntae godoo. 6#Mos II, 20.13; Mos I, 1.26. Ame sia ame si wu amegbetɔ la, amegbetɔ ke newu eya hã, elabe Mawu ƒe nɔnɔme nu wòwɔ amegbetɔ ɖo. 7#Mos I, 1.28. “Ke miawo la, midzi ne miasɔ gbɔ akpe xexea me ɖo.”
8Mawu yi edzi gblɔ na Noa kple via ŋutsuawo be: 9“Mikpɔ ɖa, nye la, mele nu blam kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo, 10kpakple nu gbagbewo katã; eɖanye xe dzodzoe o, lãe o, nu gbagbe ɖe sia ɖe si nya do le aɖakaʋua me kpli mi ko la, 11mele nu blam kple mi katã be nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã kple tsiɖɔɖɔ akpɔ o. Nenema ke tsiɖɔɖɔ magagblẽ xexeme blibo la gbeɖe o.” 12Mawu yi edzi be: “Nu si blam mele kpli mi kpakple nu gbagbe siwo katã le mia gbɔ hena dzidzime siwo katã ava dzɔ la ƒe dzesie nye esi: 13Metsɔ nye anyieʋɔ ɖo alilikpowo ŋu. Eyae anye nubabla si anɔ nye kple xexea me dome la ƒe dzesi. 14Ne meƒo ƒu alilikpowo ɖe dziŋgɔli ŋu, eye anyieʋɔ do ɖe alilikpoawo ŋu la, 15ekema maɖo ŋku nu, si mebla kpli wò kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe, be tsiɖɔɖɔ magaɖe anyigba kple nu gbagbewo katã gbeɖe o, la dzi. 16Ne anyieʋɔ do ɖe alilikpowo ŋu la, makpɔe, eye maɖo ŋku nubabla si le nye kple nu gbagbe siwo katã le xexea me dome la dzi.” 17Mawu gagblɔ na Noa be: “Esia nye nubabla le nye kple nu gbagbe siwo katã le xexea me dome la ƒe dzesi.”
Noa kple via ŋutsuwo ƒe ŋutinya
18Noa viŋutsu siwo do go le aɖakaʋua me la woe nye: Sem, Xam kple Yafet. Xam siae nye Kanaan tɔgbui. 19Noa viŋutsu etɔ̃ siawo me amegbetɔwo katã va dzɔ tso hekaka ɖe xexea me katã.
20Noa nye agbledela gbãtɔ. Ede waingble. 21Esi wòno wain mu gbe ɖeka la, eyi ɖamlɔ anyi ɖe eƒe agbadɔme amama. 22Xam, Kanaan tɔgbui, kpɔ eƒe ama me, eye wòyi ɖagblɔe na nɔvia eveawo le xexe. 23Tete Sem kple Yafet ke avɔ me lé ɖe abɔta, zɔ megbemegbe, eye woyi ɖatsyɔe na wo tɔ́a. Wometrɔ kɔ kpɔ wo tɔ́ ƒe ama me o. 24Esi aha la kɔ le mo na Noa, eye wòse nu si via ŋutsu ɖevitɔ wɔ ɖe eŋu la, 25egblɔ be:
“Aɖi Kanaan ŋu kpékpekpe!
Azu kluviwo ƒe kluvi na nɔviawo.”
26Noa gagblɔ be: “Aƒetɔ, nye Mawu neyra Sem!
Nena Kanaan nanye eƒe kluvi.
27Mawu nena Yafet nadzi ɖe dzi.
Nena eƒe dzidzimeviwo nanɔ Sem tɔwo gbɔ faa,
eye Kanaan nanye Yafet ƒe kluvi.”
28Le tsiɖɔɖɔ la megbe la, Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ bla atɔ̃. 29Ale enɔ agbe ƒe alafa asieke bla atɔ̃ hafi ku.

Currently Selected:

Mose I 9: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ