የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 10

10
Noa viŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo
(Kron I, 1.5-23)
1Noa viŋutsuwoe nye Sem, Xam kple Yafet. Woƒe dzidzimeviwo ŋunyae nye esi: Le tsiɖɔɖɔ la megbe la, wodzi viŋutsuwo na wo.
2Yafet viŋutsuwoe nye: Gomer, Magɔg, Madai, Yavan, Tubal, Mesex kple Tiras. 3Gomer viŋutsuwoe nye: Askenaz, Rifat kple Togarma. 4Yavan ƒe dzidzimeviwoe nye Elisatɔwo, Spaniatɔwo, Kiprotɔwo kple Rodotɔwo. 5Ame siawo me ƒuta kple ƒukpowo dzi dukɔwo dzɔ tso. Esiawo nye Yafet viŋutsuwo le woƒe anyigbawo, woƒe gbegbɔgblɔ vovovowo, woƒe ƒomewo kple woƒe dukɔwo nu.
6Xam ƒe dzidzimeviwo nye: Nubia, Egipte, Libia kple Kanaan. 7Nubia ƒe dzidzimeviwoe nye: Seba, Xavila, Sabta, Rama kple Sabtexa. Rama ƒe dzidzimeviwo nye Sebatɔwo kple Dedantɔwo. 8Nubia viŋutsue nye Nimrod. Eyae nye dziɖula kalẽtɔ gbãtɔ le xexea me. 9Enye adela kalẽtɔ le Aƒetɔ ŋkume. Eya tae wogblɔna be: “Adela kalẽtɔ abe Nimrod ene le Aƒetɔ ŋkume.” 10Eƒe dziɖuƒe dze egɔme le Babel, Erek, Akad kple Kalne siwo katã le Sinear-nyigba dzi. 11Afi sia Nimrod ʋu tso, yi Asiria-nyigba dzi, eye wòɖatso Ninive, Rexobot-Ir, Kalax 12kple Resen, si le Ninive kple Kalax dugã la dome. 13Egipte ƒe dzidzimeviwoe nye: Ludtɔwo, Anamitɔwo, Lehabitɔwo, Naftuxitɔwo, 14Patrusitɔwo, Kasluxitɔwo (siwo me Filistitɔwo dzɔ tso) kple Kaftoritɔwo.
15Kanaan viwoe nye eƒe ŋgɔgbevi Sidon kple Xet. 16Kanaan ƒe dzidzimevi bubuwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo kple Girgasitɔwo, 17Xivitɔwo, Arkitɔwo kple Sinitɔwo, 18Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Xamatitɔwo. Kanaan ƒe ƒome la va keke ta ɖe dzi. 19Kanaan ƒe anyigba keke tso Sidon ɖo ta Gerar kple Gaza to Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa. 20Xam viwo nye esiawo ɖe woƒe ƒomewo, gbegbɔgblɔwo, anyigbawo kple dukɔwo nu.
21Sem, si yome Yafet dzɔ ɖo lae nye Eber viwo katã ƒe tɔgbuitɔgbui. 22Sem viŋutsuwoe nye: Elam, Asur, Arpaxsad, Lud kple Aram. 23Aram viŋutsuwoe nye: Uz, Xul, Geter kple Mas. 24Arpaxsad dzi Selax, eye Selax dzi Eber. 25Ŋutsuvi evee nɔ Eber si. Gbãtɔ ŋkɔe nye Peleg, elabe eŋɔlie amegbetɔwo ma. Nɔvia ŋkɔe nye Yoktan. 26Yoktan dzi Almodad, Salep, Xaxar-mavet, Yarax, 27Hadoram, Uzal, Dikla, 28Obal, Abimael, Seba, 29Ofir, Xavila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan viŋutsuwo. 30Anyigba si dzi wole la keke tso Mesa ɖo ta Safar si le tonyigba dzi le ɣedzeƒe. 31Sem ƒe dzidzimeviwo nye esiawo ɖe woƒe ƒomewo, gbegbɔgblɔwo, anyigbawo kple woƒe dukɔwo nu.
32Esiawoe nye Noa viŋutsuwo ƒe ƒomewo ɖe woƒe dzidzimewo kple dukɔwo nu. Woawo mee anyigba dzi dukɔwo dzɔ tso le tsiɖɔɖɔ la megbe.

Currently Selected:

Mose I 10: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ