የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 8

8
Tsiɖɔɖɔ la wu enu
1Mawu meŋlɔ Noa kple gbemelã kpakple aƒemelã siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la be o. Ena ya ƒo to anyigba dzi, eye tsia de asi miemie me. 2Tsi siwo nɔ dzidzim tso anyigba tume la nu tso, dziƒo nu tu, eye tsi la ke. 3Tsia le miemiem vivivi, eye le ŋkeke alafa ɖeka bla atɔ̃ megbe la, emie keŋ. 4Le ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke wui adrẽa gbe la, aɖakaʋu la va tɔ ɖe to aɖe tame le Ararat-to tame. 5Tsia nɔ miemiem vivivi va se ɖe ɣleti ewolia me. Le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, towo tame dzé.
6Le ŋkeke bla ene megbe la, Noa ʋu aɖakaʋua ƒe fesre, 7eye wòna akpavia aɖe do yi. Eɖanɔ tsatsam va se ɖe esime tsia mie vɔ le anyigba dzi keŋ. 8Noa ʋu nu le ahɔnɛ aɖe hã nu do ɖa be yeakpɔ ɖa be tsia mie vɔ le anyigba dzi mahã. 9Akpakpa la mekpɔ teƒe aɖeke adze ɖo o, elabe tsi gale anyigba blibo la dzi ko, eye wòtrɔ va ʋua gbɔ. Noa do asi ɖa lée va eme. 10Elala ŋkeke adrẽ, eye wògaɖo ahɔnɛ la ɖa. 11Tete ahɔnɛ la trɔ va egbɔ le fiẽ me, eye kpɔ ɖa, elé amitiŋgba fɛ̃ si wògbe la ɖe nu. Ale Noa dze sii be tsia mie le anyigba dzi azɔ. 12Egalala ŋkeke adrẽ bubu, eye wògaɖo ahɔnɛ la ɖa; ke esi wòyi la, megatrɔ gbɔ o.
13Le Noa ƒe ƒè alafa ade kple ɖeka xɔgbe, si nye ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, tsia mie keŋ. Efo ʋua tame tsa ŋku, eye wòkpɔ be anyigba ƒu. 14Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke bla eve vɔ adrẽlia gbe la, anyigba ƒu keŋkeŋ. 15Mawu gblɔ na Noa be: 16“Wò ŋutɔ, srɔ̃wò, viwò ŋutsuawo kple wo srɔ̃wo, mi katã mido le aɖakaʋua me. 17Ɖe nu gbagbe siwo katã le gbɔwò: xewo, lãwo kple nu sia nu si tana le anyigba, do goe; be woadzi asɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.” 18Ale Noa kple srɔ̃a kple via ŋutsuawo kpakple wo srɔ̃awo do le ʋua me. 19Nenema ke nu vovovo siwo katã ʋãna le anyigba dzi: lãwo, nu tatawo kple xewo katã hã do, wo ƒome wo ƒome, tso aɖakaʋua me.
Noa sa vɔ na Mawu
20Tete Noa ɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ. Eɖe lã ɖuɖua ɖe sia ɖe kple xe ɖuɖua ɖe sia ɖe ƒe ɖe tsɔ wɔ numemevɔsa le vɔsamlekpui la dzi. 21Esi Aƒetɔ se numeme la ƒe ʋeʋẽ lílili la, edze eŋu. Egblɔ le eɖokui me be: “Nyemagaxa ɖe amegbetɔ ƒe nuwɔna ta aƒo fi ade anyigba gbeɖe o. Menya be tso eƒe ɖevime ke la, vɔ̃ ko wòsusuna le eɖokui me. Nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe ale si mewɔ ene akpɔ gbeɖe o. 22Zi ale si anyigba li ko la, nuƒãɣi kple nuŋeɣi, fafa kple dzoxɔxɔ, dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli, ŋkeke kple zã, nu matsi akpɔ gbeɖe o.”

Currently Selected:

Mose I 8: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ