የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 7

7
Mawu na tsi ɖe xexea me katã
1Tete Aƒetɔ gblɔ na Noa be: “Wò kple aƒewòmetɔwo katã miyi ɖe aɖakaʋu la me, elabe mekpɔ be ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia me. 2Kplɔ lã siwo katã woɖuna la, atsu kple asi, adrẽadrẽ kple lã siwo womeɖuna o la, atsu kple asi eveveve, de aɖakaʋu la me. 3Kplɔ xe ƒomevi vovovo ɖe sia ɖe, atsua kple nɔea, adrẽadrẽ hã de eme. Wɔ esia bene lã kple xe ƒomevi ɖe sia ɖe natsi agbe le anyigba dzi, agadzi. 4Le ŋkeke adrẽ megbe la, mana tsi nadza ɖe anyigba dzi, ŋkeke bla ene zã bla ene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe ɖe sia ɖe si mewɔ la ɖa le anyigba dzi.” 5Noa wɔ nu sia nu abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ be newɔ la ene pɛpɛpɛ.
6Noa xɔ ƒe alafa ade esi tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba. 7#Mat 24.38, 39; Luk 17.27. Noa, via ŋutsuwo, srɔ̃a kple via ŋutsuawo srɔ̃wo ge ɖe aɖakaʋu la me be woasí le tsiɖɔɖɔ la nu. 8Abe ale si Mawu bia tso Noa si ene la, lãwo katã, ɖuɖuawo kple maɖumaɖuawo, xe dzodzoewo kple lã siwo tana le anyigba, 9eveveve atsua kple nɔea, woge ɖe aɖakaʋu la me kple Noa. 10Le ŋkeke adrẽ megbe la, tsiɖɔɖɔ la dze egɔme le anyigba dzi.
11 # Pet II, 3.6. Le Noa ƒe ƒè alafa adelia me, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wui adrẽlia gbe la, tsi gã siwo le anyigba ƒe tume la ŋɔ gbagba. Dziƒo nu hã ʋu. 12Ale tsi de asi dzadza me madzudzɔmadzudzɔe, ŋkeke bla ene zã bla ene sɔŋ. 13Gbe ma gbe tututue Noa kple srɔ̃a kpakple wo viŋutsu etɔ̃awo: Sem, Xam kple Yafet, kpakple woawo hã wo srɔ̃ etɔ̃awo ge ɖe aɖakaʋu la me. 14Gbemelã, aƒemelã, nu tata kple xe ƒomevi vovovowo kpakple nu siwo dzona la katã hã kpe ɖe wo ŋu. 15Woge ɖe aɖakaʋu la me eveveve kple Noa, nu gbagbe siwo katã me agbe le la. 16Lã siawo katã, atsua kple nɔea, woge ɖe aɖakaʋu la me kple Noa, abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene, eye Aƒetɔ tu ʋɔa ɖe enu.
17Tsia ɖɔ yi dzi ŋkeke bla ene sɔŋ. Esɔ gbɔ ale gbegbe be ekɔ aɖakaʋua ɖe dzi, wòle tsia dzi. 18Tsia gaɖɔ ɖe edzi ŋutɔ, eye ʋua nɔ tsatsam le edzi. 19Tsia ɖɔ ɖe anyigba ale gbegbe be to kɔkɔtɔwo kekeake gɔ̃ hã bu ɖe tsia me. 20Ke ɖɔɖɔ dzi ko wògale va se ɖe esime wògbɔ to kɔkɔwo tame, wobu ɖe eme meta adrẽ sɔŋ. 21Nu gbagbe ɖe sia ɖe, eɖanye xe o, aƒemelã o, gbemelã o, nu tata o, amegbetɔ o, wo katã wotsrɔ̃ keŋ. 22Nu sia nu si me agbe le ko la ku. 23Aƒetɔ tsrɔ̃ nu gbagbewo katã le anyigba dzi; amegbetɔ, lã kple xe, ɖeke medo le eme o, negbe Noa kple aɖakaʋua me nɔlawo ɖeɖe ko. 24Tsi la ɖɔ ɖe anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka bla atɔ̃.

Currently Selected:

Mose I 7: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ