የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 29

29
Yakob va ɖo Laban ƒeme
1Yakob yi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye wòva ɖo ɣedzeƒenyigba dzi. 2Kasia eva ke ɖe vudo aɖe ŋu le agbledeƒe aɖe. Alẽha etɔ̃ tsyɔ akɔ anyi ɖe vudoa gbɔ. Eya mee wokua tsi le naa alẽhaawo wonona. Kpe gã aɖe le vudoa nu. 3Nenye be alẽhaawo katã va ƒo ƒu la, womlia kpea ɖa, eye wonaa tsi alẽawo. Emegbe la, wogamlia kpea tua enu.
4Yakob bia alẽkplɔlaawo be: “Nɔvinyewo, afi ka mietso?” Woɖo eŋu be: “Míetso Xaran.” 5Ebia wo be: “Mienya Naxor vi, Labana?” Woɖo eŋu be: “Ẽ, míenyae.” 6Egabia wo be: “Eli nyuiea?” Woɖo eŋu be: “Eli nyuie. Kpɔ ɖa, via Raxel gɔ̃ hãe nye ema kplɔ alẽwo gbɔna.” 7Yakob gblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, ɣe gale dzi; migaƒo alẽawo nu ƒu haɖe o. Mina tsi wo woano ne miana woagayi aɖaɖu gbe.” 8Woɖo eŋu be: “Míate ŋu awɔ nenema o, va se ɖe esime alẽhaawo katã naƒo ƒu, ekema míamli kpe la ɖa le vudoa nu, eye míana tsi wo woano.”
9Yakob mekpɔ ɖe nu le eme hafi Raxel si nye alẽkplɔla la va ɖo kple tɔ́a ƒe alẽwo o. 10Esi Yakob kpɔ Raxel, nyruia Laban vinyɔnu kple nyruia Laban ƒe alẽha la, eyi vudoa gbɔ, mli kpea ɖa, eye wòna tsi alẽawo. 11Azɔ egbugbɔ nu na Raxel, eye wòwó avi sesĩe. 12Egblɔ na Raxel be tɔ́a ƒe ƒometɔe yenye. Yee nye Rebeka viŋutsu. Tete Raxel ƒu du yi ɖagblɔe na tɔ́a. 13Esi Laban se nyruiayɔvi Yakob ŋkɔ la, eƒu du yi ɖakpee, kpla asi kɔ nɛ, gbugbɔ nu nɛ, eye wòkplɔe va aƒemee. Yakob gblɔ nya siwo katã va dzɔ la nɛ. 14Laban gblɔ nɛ be: “Nyateƒe, nɔvinye kpamkpam nènye.” Yakob nɔ egbɔ ɣleti ɖeka.
Yakob subɔ Laban, eye wòɖe Raxel kple Lea
15Azɔ Laban gblɔ na Yakob be: “Togbɔ be nɔviwo míenye hã la, nyemadi be nàwɔ dɔ nam dzodzro o. Nenie maxe na wò? Gblɔe nam.” 16Vinyɔnuvi eve le Laban si. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔe nye Raxel. 17Lea ƒe ŋkuwo le dɔ̃ɔ, ke Raxel ya dze tugbe, eye wònyakpɔ ŋutɔ. 18Raxel ƒe nu nyo Yakob ŋu, eya ta egblɔ na Laban be: “Medi be mawɔ dɔ na wò ƒe adrẽ ne nàtsɔ Raxel, viwò nyɔnu ɖevitɔ nam maɖe.” 19Laban ɖo eŋu nɛ be: “Enyo nam be matsɔe na wò wu be matsɔe na ŋutsu bubu. Nɔ gbɔnye.” 20Ale Yakob subɔ nyruia ƒè adrẽ, ɖe Raxel ta; ke ɣeyiɣi la nɔ nɛ abe ŋkeke ʋɛ aɖe ko ene, elabe Raxel ƒe nu lé dzi nɛ ale gbegbe.
21Ƒeawo va yi eye Yakob gblɔ na Laban be: “Nye ɣeyiɣia de, eya ta tsɔ srɔ̃nyea nam maɖe.” 22Ale Laban ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ eye wòkpe dua me ŋutsuwo katã vɛ. 23Ke esi zã do la, ekplɔ via Lea de xɔ na Yakob, eye wòdɔ kplii. 24Laban tsɔ eƒe kosi Silpa na Lea be wòanye eƒe subɔvi. 25Ŋu ke, kasia wòbe yeakpɔ la, Lea boŋ ye. Yakob yi ɖabia Laban be: “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Menye Raxel tae mesubɔ wò ɖo oa? Nu ka ta nèblem ale?” 26Laban ɖo eŋu nɛ be: “Le mía de kɔnu nu la, vinyɔnu ɖevitɔ meɖea srɔ̃ hafi tsitsitɔ ɖenɛ o. 27Fifia na srɔ̃ɖekwasiɖa ɖeka sia nava yi, eye míatsɔ ɖevitɔ hã na wò nàɖe, nenye be nègawɔ dɔ nam ƒe adrẽ bubu ko.” 28Yakob lɔ̃ ɖe edzi. Laban lala srɔ̃ɖekwasiɖa la va yi, eye wòtsɔ Raxel hã nɛ wòɖe. 29Laban tsɔ eƒe kosi, Bilha na Raxel be wòanye eƒe subɔvi. 30Azɔ Yakob dɔ kple Raxel hã, eye wòlɔ̃ eya sãa wu Lea. Tete wògawɔ dɔ na Laban ƒe adrẽ bubu.
Vi siwo wodzi na Yakob
31Esi Aƒetɔ kpɔ be Yakob lɔ̃ Raxel sãa wu Lea la, eʋu Lea ƒe vidzidɔ, ke exe Raxel ya tɔ. 32Lea dzi ŋutsuvi. Egblɔ be Aƒetɔ kpɔ nye nublanui eya ta srɔ̃nye alɔ̃m azɔ. Ale wòna ŋkɔ ɖevia be Ruben. 33Eyome egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Egblɔ be: “Aƒetɔ se be wolé fum eya ta wòna megadzi ŋutsuvi.” Le esia ta ena ŋkɔe be Simeon. 34Emegbe egafɔ fu dzi ŋutsuvi. Egblɔ be: “Azɔ ko srɔ̃nye alé ɖe ŋunye goŋgoŋ, elabe medzi ŋutsuvi etɔ̃ sɔŋ nɛ.” Ale wòna ŋkɔe be Levi. 35Lea gafɔ fu gadzi ŋutsuvi, eye wògblɔ be: “Azɔ la, makafu Aƒetɔ!” Ale wòna ŋkɔe be Yuda. Tete Lea tsò vi.

Currently Selected:

Mose I 29: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ