የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 28

28
1Isak yɔ Yakob vɛ, yrae, eye wòde se nɛ be: “Mègaɖe Kanaan-nyɔnuvi aɖeke o. 2Tso nàyi nɔwò tɔ́, Betuel, ƒeme le Padan-Aram#28.2: PADAN-ARAM: Gɔmeɖeɖe aɖewo yɔe be Mesopotamia. ne nàɖe nyruiwò Laban vinyɔnuviwo dometɔ ɖeka. 3Mawu Ŋusẽkatãtɔ la neyra wò, eye wòana nàdzi fũu ale be nàva zu dukɔ geɖewo tɔ́. 4#Mos I, 17.4-8. Neyra wò kple wò dzidzimeviwo abe ale si wòyra Abraham ene, eye wòatsɔ anyigba si dzi nènye amedzro le fifia, anyigba si wòtsɔ na Abraham la, ana wò.” 5Ale Isak do mɔ Yakob ɖo ɖe Padan-Aram ɖe Aramtɔ Betuel vi Laban, ame si nye Yakob kple Esau dada nɔviŋutsu la gbɔ.
Esau gaɖe srɔ̃ bubu
6Esau va nya be Isak yra Yakob, eye wòɖoe ɖe Padan-Aram be wòayi aɖaɖe srɔ̃ le afi ma. Enya hã be Isak de se na Yakob vevie le eyraɣi be megaɖe Kanaan-vinyɔnu aɖeke o. 7Hekpe ɖe esia ŋu la, ede dzesii be Yakob ɖo to yewo dzilawo, eye wòdzo yi Padan-Aram. 8Esi wòkpɔ dzesii be Kanaan-nyɔnuwo medze yewo tɔ́ Isak ŋu o la, 9eyi ɖe Abraham vi, Ismael gbɔ ɖaɖe via Mahalat si nye Nebayot nɔvinyɔnu kpe ɖe srɔ̃a bubuawo ŋu.
Yakob ku drɔ̃e le Betel
10 # Nya 10.10. Yakob dze mɔ tso Beer-Seba ɖo ta Xaran. 11Eva ɖo teƒe aɖe si zã do ɖee le, eye wòtsi afi ma dɔ. Etsɔ kpe aɖe le afi ma ziɔ, eye wòmlɔ anyi dɔ alɔ̃. 12#Yoh 1.51. Eku drɔ̃e kpɔ atsrɔe aɖe. Egɔme tɔ anyigba, ke eƒe nu gbɔ ɖatɔ dziƒo. Kpɔ ɖa, mawudɔlawo le eliam le dzi yim le ɖiɖim. 13#Mos I, 13.14, 15. Tete Aƒetɔ le tsitre ɖe eŋgɔ gblɔ nɛ be: “Nyee nye Aƒetɔ, tɔgbuiwò Abraham kple tɔ́wò Isak ƒe Mawu la! Matsɔ anyigba si dzi nèmlɔ la ana wò kple wò dzidzimeviwo. 14#Mos I, 12.3; 22.18. Wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, eye miakaka ɖe xexeme ƒe ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, dzigbeme kple anyigbeme katã. Wò kple wò dzidzimeviwo dzi mato ayra anyigba dzi dukɔwo katã. 15Kpɔ ɖa, manɔ kpli wò; makpɔ tawò le afi sia afi si nàyi, eye makplɔ wò agbugbɔ va anyigba sia dzi. Nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o, ke boŋ mawɔ ŋugbe si medo na wò la dzi godoo.”
16Esi Yakob nyɔ la, egblɔ be: “Aƒetɔ la le afi sia pɛ! Eli gake nyemenya o.” 17Vɔvɔ̃ ɖoe wògblɔ be: “Afi sia dzi ŋɔ loo! Mawu ƒe aƒe kokoko wònye, eye teƒe sia la dziƒogboe.”
18Esi Yakob fɔ ŋdi kanya la, etsɔ kpe si wòziɔ la ɖo anyi abe dzesikpe ene, eye wòkɔ ami ɖe edzi. 19Azɔ ena ŋkɔ teƒe la be Betel. Woyɔa teƒe ma tsã be Luz. 20Tete Yakob ɖe adzɔgbe na Aƒetɔ be: “Ne Mawu anɔ kplim, akpɔ tanye le afi si yim mele, eye wòana nuɖuɖu kple nudodom, 21ana magatrɔ gbɔ va tɔ́nye ƒeme dedie la, ekema Aƒetɔ anye nye Mawu. 22Metu kpe sia ɖe afii abe dzesi ene. Anye Mawu ƒe aƒe, eye matsɔ nu sia nu si nànam la, ƒe akpa ewolia ana wò.”

Currently Selected:

Mose I 28: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ