የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 18

18
Mawu do viŋutsu ŋugbe na Abraham
1Aƒetɔ ɖe eɖokui fia Abraham le Mamre ƒe ati gã kɔkɔeawo gbɔ. Esime Abraham bɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ ƒe mɔnu le ŋdɔme la, 2#Heb 13.2. efɔ mo dzi. Kpɔ ɖa, ekpɔ ŋutsu etɔ̃ wole tsitre le eŋgɔ ɖa. Esi wòkpɔ wo la, eƒu du yi ɖakpe wo. Ebɔbɔ tsyɔ mo anyi, 3eye wògblɔ be: “Nye Aƒetɔ, meɖe kuku, migato ŋunye yi o. Minyo dɔme miatɔ ɖe gbɔnye ʋɛ. 4Mina maku tsi vi aɖe vɛ, ne miaklɔ afɔ, agbɔ ɖe eme vie le atia te. 5Matsɔ nuɖuɖu aɖe hã vɛ ne miade nu me, be wòado ŋusẽ mi hafi miagayi mɔzɔzɔa dzi, esi mieva to miaƒe dɔla gbɔ ta.” Woɖo eŋu nɛ be: “Wɔ nu si nèbe yeawɔ la faa.” 6Tete Abraham ɖe abla yi Sara gbɔ le agbadɔa me, eye wògblɔ nɛ be: “Netsɔ, ku wɔ memee dzidzenu etɔ̃ lɔƒo, nàblu tsɔ tɔ tatalii.” 7Abraham ƒu du yi eƒe nyiwo dome. Elé nyivi dami na eƒe dɔla wòwu enumake, hemee wòbi nyuie. 8Etsɔ notsi kpekẽtɔ kple tsrolotɔ kpe ɖe nyilã meme la ŋu va ɖo wo kɔme. Azɔ eya ŋutɔ le tsitre ɖe wo gbɔ le atia te esime wole nua ɖum.
9Azɔ wobiae be: “Afi ka srɔ̃wò Sara le?” Eɖo eŋu be: “Ele agbadɔme.” 10#Rom 9.9. Aƒetɔ be: “Ƒe si gbɔna ƒe ɣe alewo ɣi la, magatrɔ va, eye viŋutsuvi anɔ srɔ̃wò Sara si.” Ke Sara le emegbe le agbadɔa ƒe mɔnu le nya la sem. 11Azɔ Abraham kple Sara tsi xɔ ƒè geɖee ŋutɔ ale be Sara megaɖoa asi anyi o. 12#Pet I, 3.6. Tete Sara ko nu le eɖokui me gblɔ be: “Nye si ku nyagã alea, eye srɔ̃nye hã zu amegãɖeɖi la, ɖe nu agavivi nunyea?” 13Tete Aƒetɔ bia Abraham be: “Nu ka ta Sara ko nu gblɔ be, ‘Nye si ku nyagã alea ɖe, magate ŋu adzi via?’ 14#Luk 1.37. Ɖe nanewɔwɔ aglo Aƒetɔ a? Mebe ƒe si gbɔna ƒe ɣe alewo ɣi la, magatrɔ ava gbɔwò, eye viŋutsuvi anɔ srɔ̃wò Sara si.” 15Ke Sara sẽ nu gblɔ be: “Nyemeko nu o.” Elabe ele vɔvɔ̃m. Ke egblɔ nɛ be: “Ao, èko nu ɖe!”
Abraham ɖe kuku ɖe Sodom du ta
16Le esia megbe la, ŋutsuawo dze mɔ, eye Abraham kplɔ wo ɖo ɖa. Wokpɔ Sodom le abu me ɖa. 17Aƒetɔ gblɔ be: “Ɖe maɣla nu si wɔ ge mele la ɖe Abrahama? 18Evɔ wònye eƒe dzidzimeviwoe ava zu dukɔ gã triakɔ aɖe, eye eyama mee woayra anyigba dzi dukɔwo katã le ɖe! 19Gawu la, nye Aƒetɔ, metiae be wòana viawo kple eƒe dzidzimeviwo naɖo tom, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe, ne mawɔ nu si ŋugbe medo nɛ la dzi.” 20Tete Aƒetɔ gblɔ na Abraham be: “Nutsotso ɖe Sodom kple Gomora duwo ŋu va glo, eye woƒe nuvɔ̃ wɔwɔ wu gbɔgblɔ. 21Eya ta maɖi ayi, aɖakpɔ be nu siwo sem mele le wo ŋuti la le eme loo, alo womele eme o, ne manya.”
22Ale ameawo trɔ ɖo ta Sodom. Abraham gale tsitre ɖe Aƒetɔ ŋkume ko. 23Ete ɖe Aƒetɔ ŋu eye wòbiae be: “Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa nyateƒea? 24Ne ame dzɔdzɔe bla atɔ̃ le dua me ɖe, àtsrɔ̃ du bliboa? Màxa ɖe ame dzɔdzɔe bla atɔ̃ siawo ta atsɔ ke dua oa? 25Nete ɖa xaa tso tso gbɔwò be nàwu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa ɖekae, eye ame dzɔdzɔe manɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o. Nete ɖa xaa tso gbɔwò! Ɖe xexea me katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?” 26Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe bla atɔ̃ le Sodom-du me la, maxa ɖe woawo ta atsɔ ke du bliboa.” 27Abraham yi edzi be: “Taflatsɛ, Aƒetɔ, tsɔe kem be medo dzi gale nu ƒom kpli wò. Anyi kple afi ko menye. 28Ɖewohĩ ame atɔ̃ ato le ame dzɔdzɔe bla atɔ̃ me. Ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la le ame atɔ̃ si to le eme la ta?” Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe bla ene vɔ atɔ̃ le dua me la, nyematsrɔ̃e o.” 29Abraham gayi edzi be: “Ɖewohĩ ne wokpɔ ame bla ene ɖe?” Eɖo eŋu be: “Ne makpɔ ame bla ene le dua me la, nyematsrɔ̃e o.” 30Abraham gblɔ be: “Aƒetɔ, meɖe kuku, mègakpɔ dziku be megale nu ƒo ge o. Ɖewohĩ ame bla etɔ̃ ko woakpɔ.” Egblɔ be: “Ne makpɔ ame bla etɔ̃ le eme la, nyematsrɔ̃e o.” 31Abraham gagblɔ be: “Aƒetɔ, meɖe kuku, tsɔe kem be medo dzi gale nu ƒom kpli wò. Ɖewohĩ ame bla eve ko woakpɔ.” Eɖo eŋu be: “Le ame bla eve ta la, nyematsrɔ̃e o.” 32Abraham gblɔ be: “Aƒetɔ, meɖe kuku, mègakpɔ dziku o. Medi be magaƒo nu zi ɖeka pɛ ko. Ɖewohĩ ame ewo ko woakpɔ.” Eɖo eŋu be: “Le ame ewo ta la, nyematsrɔ̃ dua o.” 33Ke esi Aƒetɔ ƒo nu kple Abraham vɔ la, edzo, eye Abraham hã trɔ yi aƒeme.

Currently Selected:

Mose I 18: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ