የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 19

19
Mawudɔlawo kpɔ Sodomtɔwo ƒe nu tovo wɔwɔ
1Esi mawudɔla eveawo va ɖo Sodom le fiẽ me la, Lot bɔbɔ nɔ dua ƒe agbo nu. Esi wòkpɔ wo la, etsi tsitre yi ɖakpe wo. Ebɔbɔ de ta agu na wo, 2eye wògblɔ na wo be: “Nye aƒetɔwo, miawoe zɔ. Taflatsɛ, miva míyi miaƒe dɔla ƒe aƒeme ne miaklɔ afɔ, atsi dɔ, eye etsɔ ŋdi kanya miagayi miaƒe mɔzɔzɔa dzi.” Ke woɖo eŋu be: “O, míatsi ablɔ me adɔ ko.” 3Gake eyi dzi ɖe kuku na wo ʋuu va se ɖe esime wolɔ̃ yi ɖadze egbɔ. Lot na wotsɔ amɔwɔ maʋamaʋã tɔ tatali, eye wòɖo kplɔ̃ na wo woɖu nu. 4Hafi anyimlɔɣi naɖo la, Sodom-ŋutsuwo va ƒo xlã aƒea. Ŋutsu siwo katã le dua me ko, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa va afi ma. 5#Ɖel 19.22-24. Wodo ɣli yɔ Lot, eye wobiae be: “Afi ka ŋutsu siwo va gbɔwò egbe fiẽ la le? Kplɔ wo vɛ ne míadɔ kpli wo.” 6Lot do go yi wo gbɔ le agboa godo, eye wòdo agbo la. 7Egblɔ na wo be: “Nɔvinyewo, meɖe kuku na mi, migawɔ nuvɔ̃ɖi sia o. 8Mikpɔ ɖa, vinye ɖetugbi eve li; womenya ŋutsu o. Makplɔ wo vɛ na mi, ne miawɔ nu si dze mia ŋu la kpli wo. Ke ŋutsu siawo ya la, nye amedzrowo wonye. Migawɔ naneke ɖe wo ŋu o.” 9Woblu ɖe Lot ta be: “He ɖa le mía ŋkume! Wò si nye amedzro le afi siaa, nànɔ ʋɔnu drɔ̃m mí alea! Ne mèkpɔ nyuie o la, nu si míatu kpli wò la, avɔ̃ɖi wu wo tɔ.” Ale wolũ ɖe Lot dzi, lée sesĩe be yewoagbã agboa. 10Ke ŋutsuawo do asi ɖa he Lot va wo ɖokui gbɔ le aƒea me, eye wotu agboa. 11#Fia II, 6.18. Tete ŋutsuawo na ame siwo katã le xexe le agboa nu, ɖevi kple tsitsia siaa ƒe ŋku gbã, eye wotsa di mɔa nu ʋuu do kpo.
Lot dzo le Sodom
12Tete ŋutsuawo gblɔ na Lot be: “Ame bubuwo le afi sia kpe ɖe ŋuwò abe viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, toyɔviwòwo alo wò ƒometɔwo enea? Kplɔ wo dzoe le teƒe sia, 13elabe míele dua tsrɔ̃ ge. Ɣlidodo le nu baɖa siwo wɔm dua me tɔwo le la ŋu va ɖo Aƒetɔ gbɔ, eye wòdɔ mí ɖa be míava tsrɔ̃ dua.” 14Ale Lot do yi ŋutsu siwo bia via nyɔnuwo ta be yewoaɖe la gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Netsɔ! Miva mído le dua me, elabe Aƒetɔ le dua tsrɔ̃ ge!” Ke toyɔviawo ya bu eƒe nya la fefenyae.
15Le fɔŋli la, mawudɔlaawo ƒo du ɖe Lot te gblɔ be: “Netsɔ! Tso! Kplɔ srɔ̃wò kple viwò nyɔnu eve siwo le gbɔwò la, ne miado go le dua me, bene miagatsrɔ̃ le tohehe na dua me o.” 16#Pet II, 2.7. Ke esi Lot le tɔtrɔm to eme ko la, Aƒetɔ ve enu, eye ŋutsuawo lé eya, srɔ̃a kple via nyɔnu eveawo ƒe alɔnu, kplɔ wo va dua godo. 17Esi wokplɔ wo do goe vɔ la, wogblɔ na Lot be: “Ekpo ɖe dziwò azɔ. Sí dzo, ne nàtsi agbe! Mègakpɔ megbe o; mègatɔ ɖe afi aɖeke hã le balia me o. Sí yi toawo dzi be nàgatsrɔ̃ o.” 18Ke Lot ɖo eŋu na wo be: “Gbeɖe, Aƒetɔ, meganɔ nenema o. 19Kpɔ ɖa, ènyo dɔme na nye, wò dɔla ŋutɔ, eye nèkpɔ nublanui nam, xɔm ɖe agbe; ke toawo gbɔ didi akpa. Ɖewohĩ ne wode asi dua tsɔtsrɔ̃ me la, nyemele toawo gbɔ ɖo ge hafi atsrɔ̃ o. 20Taflatsɛ, du sue aɖee nye ekem ɖa. Eya tsɔ ɖe mía gbɔ. Melolo o; eya ta na masí yi afi ma bene matsi agbe.” 21Eɖo eŋu nɛ be: “Enyo, melɔ̃ ɖe wò nya sia hã dzi; nyemagbã du si nèwɔnɛ la o. 22Ke netsɔ! Sí yi afi ma kaba! Nyemate ŋu awɔ naneke o, va se ɖe esime nèɖo afi ma hafi.” Esia ta woyɔa du la be Zoar.
Wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora
23Ɣe dze hafi Lot ɖo Zoar. 24#Mat 10.15; 11.23, 24; Luk 10.12; 17.29; Pet II, 2.6; Yuda 1.7. Tete Aƒetɔ na aŋɔkpe kple dzo dza tso dziƒo ɖe Sodom kple Gomora dzi, 25wofiã eye wòtsrɔ̃ nu siwo katã le balia me la keŋkeŋ. Dua me nɔlawo katã ku, eye numiemiewo tsrɔ̃ gbidii. 26#Nya 10.7; Luk 17.32. Ke Lot srɔ̃ si le eyome la trɔ kɔ kpɔ megbe, eye wòtrɔ zu dzekɔ. 27Evea gbe ƒe ŋdi kanya la, Abraham fɔ kaba yi teƒe si wòtsi tsitre ɖe Aƒetɔ ŋkume le va yi la. 28Ekpɔ Sodom kple Gomora kple teƒe siwo katã le balia me la ɖa, eye dzudzɔ le dzi dem tso anyigba la dzi, abe aŋɔɖaƒe ene. 29Esi Mawu le du siwo le bali si me Lot nɔ tsrɔ̃ ge la, eƒe ŋku nɔ Abraham dzi eye wòɖe Lot tso tsɔtsrɔ̃ gã si va du siwo me wònɔ dzi la me.
Lot vinyɔnuwo dɔ kple wo tɔ́: Moab kple Amon ƒe dzɔtsoƒe
30Azɔ Lot va le Zoar nɔnɔ vɔ̃m, eya ta eya kple via nyɔnu eveawo ʋu le afi ma ɖanɔ agado me le tonyigba la dzi. 31Vinyɔnu tsitsitɔa gblɔ na ɖevitɔ be: “Mía tɔ́ tsi vɔ, eye ŋutsu aɖeke megale anyigba la dzi adɔ kpli mí abe ale si amegbetɔwo wɔnɛ la ene o. 32Kpɔ ɖa, na míana wain mía tɔ́ wòano amu, ale be míana wòado fu mí ne míadzi vi bene mía tɔ́ ƒe dzidzime nayi edzi.” 33Ale gbe ma gbe ƒe zã me la, wona wain wo tɔ́ wòno, eye tsitsitɔ yi ɖamlɔ egbɔ. Ke wo tɔ́ menya be eva mlɔ ye gbɔ fɔ dzo o. 34Esi ŋu ke la, tsitsitɔ gblɔ na ɖevitɔ be: “Étò ƒe zã me la, memlɔ tɔ́nye gbɔ. Míagana wòano wain egbe ƒe zã hã, ale be wò hã nàyi aɖamlɔ egbɔ bene míana eƒe dzidzime nayi edzi.” 35Ale esi zã gado la, wogana wain wo tɔ́ wòno mu, eye ɖevitɔ hã yi ɖamlɔ egbɔ. Ke wo tɔ́ menya be eva mlɔ ye gbɔ fɔ dzo o. 36Ale wɔ Lot do fu eya ŋutɔ via nyɔnu eveawo. 37Tsitsitɔ dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Moab. Eya ƒe dzidzimeviwoe nye Moabitɔ siwo li egbegbe. 38Ɖevitɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Ben-Ami. Eya ƒe dzidzimeviwoe nye Amontɔ siwo li egbegbe.

Currently Selected:

Mose I 19: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ