የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 14

14
Abram xɔ Lot ɖe agbe
1Le Amrafel, Sinear-fia, Ariok, Elasar-fia, Kedorlaomer, Elam-fia kple Tideal, Goyim-fia ŋɔli la, 2aʋa dzɔ ɖe woawo kple Bera, Sodom-fia, Birsa, Gomora-fia, Sineab, Adma-fia, Semeber, Zeboyim-fia kple Bela alo Zoar-fia dome. 3Nenem me siawo katã wɔ ɖeka va Sidim-bali, si nye Ƒukuku la me. 4Wonɔ Kedorlaomer te subɔe ƒè wui eve sɔŋ, ke le ƒè wui enelia me la, wodze aglã ɖe eŋu. 5Le ƒè wui enelia me la, Kedorlaomer kple fia siwo wɔ ɖeka kplii la va si Refaimtɔwo le Astarot-Karnaim, Zuzitɔwo le Ham kple Emitɔwo le Kiryataim-gbadzaƒe. 6Wosi Xoritɔwo hã le woƒe to Seir dzi, eye wonyà wo ɖe nu ʋuu va se ɖe Elparan si te ɖe gbedadaƒo la ŋu. 7Emegbe wotrɔ va Enmisapat si nye Kades fifia, eye wosi Amalekitɔwo katã kple Amoritɔ siwo nɔ Xazazon-Tamar la hã. 8Tete Sodom, Gomora, Adma, Zeboyim kple Bela, du atɔ̃ siawo ƒe fiawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo, eye wodze aʋa ɖe Sidim-bali me 9ɖe Elam-fia, Goyim-fia, Babilonia-fia kple Elasar-fia ŋuti; fia ene ŋue fia atɔ̃ siawo dze aʋa ɖo. 10Azɔ aŋɔʋewo le Sidim-bali la me fũu. Esi Sodom kple Gomora fia sí yina la, ɖewo ge dze aŋɔʋeawo me, ke mamlɛawo sí yi toa dzi. 11Ale futɔawo ha Sodom kple Gomoratɔwo ƒe nunɔamesiwo kple nuɖuɖuwo katã dzoe. 12Lot, Abram tɔgãyɔvi hã nɔ Sodom ɣe ma ɣi, ale wolé eya hã, eye woha eƒe nuwo dzoe.
13Ke ame aɖe sí va gblɔ nya si dzɔ la na Abram, Hebritɔ la. Le ɣe ma ɣi me la, Abram le Amoritɔ, Mamre ƒe ati gã kɔkɔeawo gbɔ. Mamre kple nɔvia ŋutsuwo, Eskol kple Aner, nye Abram ƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo. 14Esi Abram se be woɖe aboyo ye tɔgãyɔvia la, eɖe aʋawɔla alafa etɔ̃ wui enyi tso eya ŋutɔ ƒe asaɖa me, eye woti fia eneawo yome ʋuu va ɖo Dan. 15Abram ma eƒe amewo ɖe hatsotsowo me le zã me, eye wodze futɔawo dzi hefiti wo. Wonyà wo ɖe nu va ɖo Xoba le Damasko ƒe dzigbeme. 16Abram xɔ nunɔamesi siwo katã futɔawo ha dzo yinae la. Exɔ tɔgãyɔvia Lot, eƒe nunɔamesiwo, nyɔnuawo kple aboyome bubuawo katã hã gbɔe.
Melxizedek yra Abram
17Azɔ esi Abram ɖu Kedorlaomer kple fia siwo kpe ɖe eŋuti dzi hetrɔ gbɔna ɖe aƒe la, Sodom fia do yi ɖakpee le Save-bali me. Wogayɔa bali sia be Fia ƒe Bali me. 18#Heb 7.1-10. Melxizedek, ame si nye Salem-fia, eye wòganye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ na Abram. 19Eyrae gblɔ be:
“Mawu Dziƒoʋĩtɔ,
si wɔ dziƒo kple anyigba la,
neyra Abram!
20Woakafu Mawu Dziƒoʋĩtɔ,
si tsɔ wò futɔwo de asi na wò la.”
Abram tsɔ aboyonuawo katã ƒe akpa ewolia na Melxizedek. 21Tete Sodom-fia gblɔ na Abram be: “Tsɔ ameawo nam, kesinɔnuawo ya nezu tɔwò.” 22Abram ɖo eŋu be: “Metà Aƒetɔ, Mawu Dziƒoʋĩtɔ, dziƒo kple anyigba Wɔla! 23Ne maxɔ nane tso nu siwo katã nye tɔwò la me fĩi! Ɖetika loo, alo afɔkpaka teti hã nyemaxɔ le wò nuawo me, ne nàva gblɔ be, ‘Nyee wɔ Abram wòzu kesinɔtɔ’ o. 24Nye ŋutɔ nyemele naneke dim o, negbe nu si ɖekakpuiawo ɖu la ko. Ke medi be nàna Aner, Eskol kple Mamre, ame siwo va kpe ɖe ŋunye la, naxɔ woawo tɔ gome.”

Currently Selected:

Mose I 14: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ