የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 13

13
Abram kple Lot klã ɖa tso wo nɔewo gbɔ
1Ale Abram ʋu le Egipte kple srɔ̃a kple eƒe nunɔamesiwo katã hekpe ɖe Lot ŋuti, gatrɔ va anyigbemekegbegbe la.
2Abram nye kesinɔtɔ gã aɖe, eye lãwo, klosalo kple sika nɔ esi fũu. 3Azɔ edzo le teƒe si wòle le anyigbemekegbegbe la ɖo ta Betel, eye wòɖaɖo afi si wòtu agbadɔ ɖo tsã le Betel kple Ai dome. 4Afi siae wòɖi vɔsamlekpui hã ɖo va yi. Abram do gbe ɖa na Aƒetɔ le afi ma. 5Lãhawo kple agbadɔwo nɔ Lot, ame si nɔ Abram gbɔ la hã si. 6Abram kple Lot ƒe lãhawo kple nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be anyigba si dzi wonɔ la megade na wo, ne wo kple eve la naganɔ teƒe ɖeka o. 7Ale dzre ɖo Abram ƒe lãkplɔlawo kple Lot ƒe lãkplɔlawo dome. Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi.
8Tete Abram gblɔ na Lot be: “Mègana dzre nanɔ nye kple wò loo, alo nye lãkplɔlawo kple wò lãkplɔlawo dome o, elabe ƒometɔ míenye. 9Fifia la, na miama ɖa tso mía nɔewo gbɔ. Menye anyigbae nye esi gbao le ŋkuwò me, le miame kple ɖusime oa? Tia akpa si dze ŋuwò. Ne ètsɔ miame la, maxɔ ɖusime, eye ne ètsɔ ɖusime la, maxɔ miame.” 10#Mos I, 2.10. Lot tsa ŋku godoo, eye wòkpɔ be tsi sɔ gbɔ le Yordan-balia me ʋuu heyi keke Zoar ke, eye teƒea le abe Aƒetɔ ƒe abɔ me ene, abe Egipte-nyigba ene. Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ metsrɔ̃ Sodom kple Gomora duwo haɖe o. 11Lot tia Yordan-balia me katã na eɖokui, eye wòʋu ɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo. Aleae nɔvi eveawo ma ɖa tso wo nɔewo gbɔ nye esi. 12Abram nɔ Kanaan-nyigba dzi; ke Lot ya nɔ balia me, duawo me. Enɔ eƒe agbadɔ tum tso teƒe yi teƒe ʋuu va ɖo keke Sodom. 13Ke Sodomtɔwo vɔ̃ɖi ŋutɔ, eye wowɔ nu tovo geɖe ɖe Aƒetɔ ŋu.
Abram ʋu yi Xebron
14Esi Lot dzo le Abram gbɔ megbe la, Aƒetɔ gblɔ na Abram be: “Fɔ mo dzi, eye nàtsa ŋku godoo tso afi si nèle tso dzigbeme va yi anyigbeme, tso ɣedzeƒe va yi ɣetoɖoƒe, 15#Dɔw 7.5. elabe mele anyigba si kpɔm nèle la katã tsɔ ge ana wò kple wò dzidzimeviwo tegbee. 16Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe kewɔ ene ale be ame si ate ŋu axlẽ kewɔ la, koe ate ŋu xlẽ wò dzidzimeviwo hã. 17Tso nàɖatsa le anyigba la katã dzi nàkpɔ eƒe lolome ɖa, elabe wòe matsɔe ana.” 18Ale Abram ʋu kple eƒe agbadɔ, eye wòyi ɖanɔ Mamre-logoti siwo le Xebron-nutome me la gbɔ. Eɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ ɖe afi ma.

Currently Selected:

Mose I 13: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ