Mose I 6

6
Amegbetɔwo ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ
1 # Hiob 1.6; 2.1. Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi, eye wole vinyɔnuwo dzim la, 2amegbetɔ vinyɔnuawo nyakpɔ na Mawu viŋutsuwo ŋutɔ, eya ta wova ɖe wo dometɔ siwo dze wo ŋu la. 3Tete Aƒetɔ gblɔ be: “Esi amegbetɔ nye ŋutilã kple vodala ta la, nyemagana nye gbɔgbɔ nanɔ eme ɖaa o. Mana wòanɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla eve ko.” 4#Mos IV, 13.33; Sir 16.7; Bar 3.26. Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, ame dzɔtsu kakowo nɔ anyigba dzi. Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔ vinyɔnuwo, eye wodzi viwo na wo. Woawoe nye aʋawɔla xɔŋkɔ siwo nɔ anyi le blema la.
5 # Mat 24.37; Luk 17.26; Pet I, 3.20. Aƒetɔ kpɔ be amegbetɔ va vɔ̃ɖi ŋutɔ le anyigba dzi, eye eƒe tamesusu kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ɖaa. 6Eve Aƒetɔ, eye wòɖu dzi nɛ be yewɔ ame ɖe anyigba dzi. 7Ale Aƒetɔ gblɔ be: “Evem be mewɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi. Matsrɔ̃ ame ɖa. Matsrɔ̃ lã, nu tata kple xe ɖe sia ɖe hã ɖa.” 8Ke Aƒetɔ ve Noa nu.
Noa
9 # Sir 44.17, 18; Pet II, 2.5. Noa ƒe dzidzimeviwo ŋu nya nye esi: Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔli me tɔwo dome. Kadodo nyui nɔ eya kple Mawu dome. 10Viŋutsu etɔ̃ nɔ Noa si. Woawoe nye Sem, Xam kple Yafet. 11Xexemetɔwo gblẽ le Mawu ŋkume, eye anyrawɔwɔ xɔ aƒe ɖe afi sia afi. 12Mawu kpɔ be xexea me gblẽ keŋ, elabe ame sia ame nɔ nu vlo wɔm le anyigba dzi. 13Mawu gblɔ na Noa be: “Meɖoe be matsrɔ̃ amegbetɔƒome la, elabe woƒe nu vlo wɔwɔ va glo le xexea me. Kpɔ ɖa, matsrɔ̃e kple anyigba la siaa. 14Tsɔ ati sesẽ nàkpa aɖakaʋu na ɖokuiwò. Nàma eme ɖe akpa vovovo me, eye nàtsɔ aŋɔ atre eme kple egodo nyuie. 15Aɖakaʋu la nedidi meta alafa ɖeka bla atɔ̃, nekeke meta bla eve vɔ atɔ̃, eye nekɔkɔ meta wui atɔ̃ ene. 16Ɖe fesrewo ɖe eŋu kpe ɖo; ɖe sia ɖe nekɔkɔ sentimeta bla atɔ̃ ene. Ɖe mɔnu ɖe eƒe axa dzi. Wɔ dzisasrã etɔ̃ ɖe eme: etetɔ, titinatɔ kple etametɔ. 17Wɔ esia elabe mele nana ge tsi naɖɔ, aɖe anyigba keŋ, ne nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le le xexe blibo la katã me la natsrɔ̃. Mana anyigbadzinuwo katã naku. 18Ke mabla nu kple wò ya. Mana nàyi aɖakaʋu la me kple viwò ŋutsuwo, srɔ̃wò kpakple viwò ŋutsuawo srɔ̃wo hã. 19Ɖe nu gbagbewo katã kple ŋutilãwo katã, eveveve, atsua kple nɔea, va de aɖakaʋu la me le gbɔwò ne woatsi agbe. 20Ɖe xewo ɖe woƒe ƒomewo nu, lãwo ɖe woƒe ƒomewo nu kple nu ɖe sia ɖe si tana le anyigba la, ɖe eƒe ƒome nu eveveve, woava gbɔwò ne woatsi agbe. 21Tsɔ nuɖuɖu ɖe sia ɖe ɖe asi, nàdzra ɖo ɖe gbɔwò na wò ŋutɔ kple lãawo.” 22#Heb 11.7. Noa wɔ nu sia nu abe ale si Mawu gblɔ nɛ be newɔ la ene pɛpɛpɛ.

Айни замон обунашуда:

Mose I 6: EB14

Лаҳзаҳои махсус

Паҳн кунед

Нусха

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in